Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 1:8 - Agbenya La

8 Mifa konyi abe ale si ɖetugbi si ƒe ŋugbetɔsrɔ̃ ku la wɔnɛ ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Xa nu abe ɖetugbi, si ta akpanya ɖe eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ŋu la ene!

Gade chapit la Kopi




Yoel 1:8
13 Referans Kwoze  

Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, di tso mia si le ŋkeke ma dzi be, miafa avi, afa konyi, alũ ta kolikoli.


Yehowae bla mi kple mia srɔ̃wo ɖekae, le Mawu ƒe nunya ƒe ɖoɖo nu, esi mieɖe mia nɔewo la, mi ame eve la miezu ŋutilã ɖeka le eƒe ŋkume eye nu ka wòdi tso mia si be miawɔ? Mawu di vi ɖotowo tso miaƒe srɔ̃ɖeɖe la me eya ta milé be na mia ɖokui, miaɖu miaƒe fieŋufieŋuwo dzi! Miku ɖe miaƒe ɖekakpuimesrɔ̃ siwo mieɖe la ŋu eye miato nyateƒe na wo.


Azɔ la, mi kesinɔtɔwo, miɖo to nyuie, mido ɣli, eye mifa avi le fukpekpe si gbɔna mia dzi va ge la ta.


Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔhawo azu avihawo. Mianɔ funyivɔ me, alũ ta kolikoli abe mia viŋutsu ɖeka hɔ̃ɔ si le mia si lae ku ene. Nyateƒe, ŋkeke ma ave le miaƒe nu me ŋutɔ.”


Menye fifi laa koe nèyɔm be, ‘Fofonye kple xɔ̃nye, tso nye ɖekakpuime ke’ oa?


Miʋuʋu, mi nyɔnu siwo ɖe dzi ɖi bɔkɔɔ; mixa nu, mi vinyɔnuvi siwo ɖe dzi ɖi! Miɖe miaƒe avɔwo da ɖi, eye miasa akpanya ɖe ali.


ame si gblẽ eƒe ɖetugbimesrɔ̃ ɖi eye mewɔ ɖe nu si wòbla kplii le Mawu ŋkume la dzi o


“Zion mɔwo le konyi fam elabena ame aɖeke megazɔa wo dzi yina ɖe eƒe azãwo ɖuƒe o. Eƒe agbowo gbã, eye eƒe nunɔlawo le hũu ɖem. Eƒe ɖetugbiwo le konyi fam eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite