Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yoel 1:7 - Agbenya La

7 Wogblẽ nye waingble dome. Wogblẽ nye gbotiwo, wokuko tsro le atilɔwo ŋuti ƒiaƒiaƒia eye wofu ɣie.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Egblẽ nye weinkawo, eye wòŋe nye gbɔtiwo, eflo tsro le wo ŋu hetsɔ wo ƒu anyi, eye woƒe kawo fu ɣie.

Gade chapit la Kopi




Yoel 1:7
12 Referans Kwoze  

“Mena miaƒe bliwo dze heteku, eye wohlɔ̃; mena ʋetsuviwo ɖu miaƒe wainkawo kple amitiwo, gake miegbe be yewomatrɔ ɖe ŋutinye o.” Yehowae gblɔe.


Mawɔe wòazu gbegbe, womake eƒe alɔwo alo aga eme o, eye ŋuwo kple aŋɔkawo amie ɖe afi ma. Made se na lilikpowo be womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.”


Wainkawo ku, gboti yrɔ, yevuboɖatiwo ƒu, detiwo kple atɔtɔŋutiwo kple agblemetiwo katã kura hã ku. Amegbetɔ ƒe dzidzɔ ɖe sia ɖe nu tso.


Togbɔ be gboti meƒo se o eye wain metse ɖe wainkawo ŋu o, togbɔ be amiti metse o eye nuɖuɖu mele agble dzi o, togbɔ be alẽwo vɔ le alẽkpo me, eye nyiwo vɔ le nyikpo me hã la,


Magblẽ eƒe waingblewo kple gbotiwo, agble siwo wògblɔ be yeƒe lɔlɔ̃tɔwoe na ye. Mana agblewo nato gbe azu ave, eye gbemelãwo ava ɖu kutsetseawo katã.


Yehowa be, “Maxɔ nuku siwo woxa la le wo si. Wainkawo agbe tsetse, gbo matse ɖe gbotiwo dzi o eye woƒe aŋgbawo ayrɔ. Nu si matsɔ na wo la woaxɔ wo le wo si.”


Wain yeyewo vɔ ƒiaƒiaƒia, wainkawo yrɔ, eye dzidzɔkpɔlawo katã le tse ɖum.


Eƒo woƒe wainkawo kple gbotiwo ƒu anyi, eye wòmu ati siwo le woƒe dukɔ me la ƒu anyi.


elabena ʋetsuviawo xe anyigba la ƒe ŋkume, eye woxe ɣe hã ƒe ŋkume; ale viviti do ɖe anyigba la dzi. Gawu la, woɖu ati kple gbe ɖe sia ɖe si kpetsi la gblẽ ɖi, ale be nu mumu si nye ati alo gbe la ƒe ɖeke kura meganɔ Egiptenyigba blibo la dzi o.


Ʋetsuviawo xɔ anyigba la dzi tso liƒo dzi yi liƒo dzi. Esiae nye ʋetsuviwo ƒe vava vɔ̃ɖitɔ le Egipte ƒe ŋutinya blibo la me, eye etɔgbi magava akpɔ o,


Mifa konyi na miaƒe agble wɔnukuwo, na miaƒe wainkpo siwo tsena nyuie,


Made se na nu siwo gblẽa agblemenukuwo la be womagblẽ míaƒe agblemenukuwo o, eye miaƒe wain tsetsewo magblẽ adudu hafi woƒe ɖiɖiɣi naɖo o.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite