Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 5:4 - Agbenya La

4 Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me, eye miegbe fexexe na wo la le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke, ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo to me na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Kpɔ ɖa, dɔwɔla, siwo ŋe miaƒe agblemenuwo la ƒe fetu, si miegbe wo nana la, le ɣli dom, eye nuŋelawo ƒe ɣlidodoawo va Zebaot, Aƒetɔ la, ƒe towo me.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 5:4
23 Referans Kwoze  

“ ‘Migaba ame aɖeke alo ate ame aɖeke ɖe to o. “ ‘Mikpɔ egbɔ be yewoxe fe na yewoƒe agbatedɔwɔlawo kaba. Ne fe aɖe li miaxe na agbatedɔwɔlawo la, migana fe ma natsi mia ŋuti ŋu nake ɖe edzi o.


“Baba na ame si tu eƒe fiasã to mɔ madzɔmadzɔ dzi eye eƒe sã to amebaba me, ame si zia eƒe dukɔmetɔwo dzi be woawɔ dɔ nɛ yakatsyɔ eye wògbea fexexe na wo.


Yesaya gagblɔ be: “Ne menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye susɔ dzidzime ʋɛ aɖewo ɖi o la, ne míetsrɔ̃ abe Sodom kple Gomora ene.”


“Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


elabena ɖewohĩ avɔ ma koe nye vuvɔxenu le esi. Aleke wòate ŋu adɔ alɔ̃e ne avɔ la mele esi o? Ne mètrɔ avɔ la nɛ o, eye wòdo ɣli bia nye xɔname la, masee, eye mave enu, elabena amenuvelae menye.


Miebu be Mawu matso afia na eƒe ame tiatia siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa? Ɖe magbɔ dzi ɖi na wo oa?


Elabena eya, ame si biaa hlɔ̃ hlɔ̃dolawo la, ɖoa ŋku edzi, medoa toku hiãtɔwo ƒe ɣlidodo o.


Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume, ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo


Ɛ̃, Israelviwo ƒe konyifaɣliwo ɖi va ɖo gbɔnye le dziƒo. Mekpɔ dɔ sesẽ siwo Egiptetɔwo ɖona na wo hetsɔ tea wo ɖe toe.


Yehowa gblɔ nɛ be, “Nu kae nye esi nèwɔ? Kpɔ ɖa, nɔviwò ƒe ʋu do ɣli tso anyigba dzi va ɖo gbɔnye na hlɔ̃biabia.


Mi aƒetɔwo la, ele be miawɔ nu si nyo, eye wòdze la ɖe miaƒe kluviwo ŋu. Miɖo ŋku edzi ɣe sia ɣi be miawo hã la, Aƒetɔ le mia si le dziƒo.


Kpe siwo wotsɔ tu miaƒe xɔwoe gɔ̃ hã ado ɣli ɖe mia ta eye ati siwo wotsɔ wɔ dzisasãwo la hã aɖe gbeƒã nya siwo kpeawo gblɔ.


Israel ƒe aƒee nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ƒe waingble, eye Yuda ŋutsuwoe nye eƒe dzidzɔ ƒe wainka siwo wòdo. Ekpɔ mɔ na afia nyui tsotso, ke ʋukɔkɔɖi wòkpɔ; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifavi koe ɖi.


Ɖe menye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ ye kpɔtɔ ame ʋɛ aɖewo ɖi na mi o la, anye ne woatsrɔ̃ Yudatɔwo katã, abe ale si wotsrɔ̃ ame sia ame le Sodom kple Gomora ene.


Mikpɔ nyuie! Migagbe gadodo na ame, elabena ƒe si me woate fli ɖe fewo me la gogo o! Ne miegbe gadodo na hiãtɔ la, eye hiãtɔ la ƒo koko na Yehowa la, Yehowa abui na mi nu vɔ̃e.


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ka atam mese kple nye towo, “Ne xɔ gãwo mezu gbegbe, eye dziƒoxɔ gãwo mezu aƒedowo o fĩi!


Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo mede ha o.


Abe ale si kluvi dina be zã nedo kaba alo agbatetsɔla kpɔa mɔ na eƒe fetu vevie ene la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite