Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 4:3 - Agbenya La

3 Ne miebia la, miaƒe asi mesua edzi o, elabe miebia kple susu vɔ̃ɖi, miebia nu siwo miawɔ yakayaka na mía ɖokuiwo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu la le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 4:3
25 Referans Kwoze  

Kakaɖedzi sia le mía si le tete ɖe Mawu ŋu me, be ne míebia nu si sɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃nu dzi la, eɖoa to mí.


eye nu sia nu si míabiae la, míaxɔe, elabena míewɔ eƒe sewo dzi, eye míewɔ nu si dzea eŋu.


Nu kae hea avuwɔwɔ kple dzrewɔwɔ vaa mia dome? Ɖe menye miaƒe dzimedidi siwo le aʋa wɔm le mia me lae oa?


Ekema woado ɣli ayɔ Yehowa gake matɔ na wo o eye aɣla eƒe mo ɖe wo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ la ta.


Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa, ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


Ne ame aɖe do toku ame dahe ƒe ɣlidodo la, ne eya hã do ɣli la, ame aɖeke masee nɛ o.


Ne amewo le ɣli dom nɛ la, metɔna o, le ame vɔ̃ɖiwo ƒe ɖokuiŋudzedze ta.


“ ‘Meyɔ wo, gake wogbe tɔtɔ, eya ta esi wodo ɣli yɔm la, nye hã metrɔ megbe de wo,’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


“Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Mienya nu si biam miele o. Miate ŋu ano nu tso fukpekpe ƒe kplu veve si no ge mala la me, eye miate ŋu anɔ te ɖe fukpekpe ƒe tsideta si de ge wole ta nam la hã nua?”


Yesu gblɔ nɛ be, “Mènya nu si biam nèle la o!” Azɔ etrɔ ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu, eye wòbia wo be, “Miawo hã, miate ŋu anɔ te ɖe fu dziŋɔ si kpe ge mala kpuie la nua?” Woɖo eŋu be, “Ɛ̃, míate ŋui.”


“Mègado gbe ɖa ɖe ame siawo ta o, mègaɖe kuku ɖe wo nu o, eye mègabia naneke na wo o, elabena ne woyɔm le xaxaɣi la, nyemaɖo to wo o.


Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu, kaka wòahanye be etsɔe vɛ kple susu vɔ̃ɖi.


“Ekema woayɔm gake nyematɔ o, woadim gake womakpɔm o.


Nenye be wotsi nu dɔ hã la, nyemaɖo to woƒe ɣlidodo o. Nenye be wotsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo vɛ hã la, nyemaxɔ wo o, ke boŋ matsrɔ̃ wo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃.”


Wodo ɣli be Yehowa naxɔ na yewo, gake ame aɖeke mexɔ na wo o, elabena Yehowa metɔ na wo o.


Eya ta ale Yehowa gblɔe nye si, ‘Mahe gbegblẽ si nu womate ŋu asi le o la ava wo dzi togbɔ be woado ɣli ayɔm hã la, nyematɔ na wo o.


Gake esi viwò sia yi ɖagblẽ wò ga ɖe gbolowo ŋu trɔ gbɔ la, èwu nyivi damitɔ kekeake si le mía si la tsɔ ɖo kplɔ̃e nɛ!’


eya ta Mawu gblɔ nɛ be, “Esi nèbia esia eye menye agbe didi loo alo kesinɔnuwo na ɖokuiwò o loo alo wò futɔwo ƒe ku o ke boŋ dzi nyanu be yeatsɔ atso afia nyui ta la,


Ame sia ame si biaa nu la, wonanɛ; ame sia ame si dia nu la, ekpɔnɛ, eya ta ne mieƒo ʋɔa ko la, woaʋui na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite