Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 4:2 - Agbenya La

2 Miedia nu, gake miekpɔnɛ o, miewua ame, xɔa eƒe nuwo, gake nu si dim miele la masu mia si o. Miewɔa dzre, eye miewɔa avu hã, gake nuawo mesua mia si o, elabena miebiaa Mawu o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Miedzroa nu, eye miekpɔnɛ o; miewua ame, eye mieʋãa ŋu, eye miaƒe asi metea ŋu sua nu dzi o; miewɔa dzre, eye miewɔa aʋa; miate ŋu akpɔ naneke o; elabena miebiana o.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 4:2
14 Referans Kwoze  

Va se ɖe fifi la, miebia naneke le nye ŋkɔ me kpɔ o. Mibia, eye miaxɔe, be miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nade blibo.


Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.”


Aleae ame siwo tia viɖe ƒoɖi yome la ƒe nuwuwu anɔ, elabena eɖea ame siwo ƒe asi su edzi la ƒe agbe ɖa.


Gawu la, wain ɖe hae, edoa eɖokui ɖe dzi eye medzea kɔ anyi o. Elabena ele abe yɔdo si nu meɖia kɔ na o ene eye wògale abe ku si nu meɖia ƒo na o ene. Eƒo dukɔwo katã nu ƒu na eɖokui eye wòdo kluvi amewo katã.


Ke Ahaz ɖo eŋu nɛ be, “Nyemabia o; nyemado Yehowa akpɔ o.”


Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.


Miebu fɔ amewo, eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tsitre ɖe mia ŋu o la.


Ame si ke léa fu nɔvia la nye amewula, eye ele nyanya me na mi be agbe mavɔ meli na amewula aɖeke o.


Ahab ɖo eŋu nɛ be, “Mebia Nabɔt be wòadzra eƒe anyigba nam alo wòaɖɔ lii kple tɔnye aɖe, ke egbe!”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite