Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yakobo 1:5 - Agbenya La

5 Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.

Gade chapit la Kopi




Yakobo 1:5
31 Referans Kwoze  

Ke ne miele menye, eye nye nyawo le mia me la, nu sia nu si miabia la, woawɔe na mi.


Azɔ la, na nunya kple sidzedzem be maɖu nye amewo dzi nyuie elabena ame ka ate ŋu aɖu dukɔ gã sia tɔgbi abe wò dukɔ la ene dzi le eɖokui si?”


Ke nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛe, eye wòlɔ̃a tomefafa. Efana na ame bubuwo, ebɔbɔa eɖokui, eye wòyɔ fũu kple nublanuikpɔkpɔ. Kpe ɖe esiawo ŋuti la, etsea ku nyuiwo, medea ame dzi o, eye wòwɔa nu si le eteƒe.


Mawɔ nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ dzi la na mi ale be Vi la nakɔ Fofo la ŋuti.


eye nu sia nu si míabiae la, míaxɔe, elabena míewɔ eƒe sewo dzi, eye míewɔ nu si dzea eŋu.


Mena Mawu ƒe Gbɔgbɔ yɔ eme, eye wòna nunya deto kple ŋutete kple aɖaŋu tɔxɛe hena agbadɔ la tutu kple nu sia nu si le eme la wɔwɔ.


Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa dɔ.


Metia Oholiab, Ahisamak ƒe vi tso Dan ƒe to la me be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ. “Gawu la, megatsɔ aɖaŋu tɔxɛwo na ame siwo katã mienya be wonye aɖaŋutɔwo ale be woate ŋu awɔ nu siwo mebe nàwɔ la katã:


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.”


Yehowa nana gɔmesese wò ale be nàlé eƒe sewo me ɖe asi ne eɖo wò fiae ɖe Israel dzi.


Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.


Azɔ Yesu he nya ɖe du siwo me wòwɔ eƒe nukunu geɖewo le la ŋu, elabena wogbe be yewomaxɔ Mawu dzi se o.


Nunana nyui si Kristo tsɔ na mí la ɖi ku ƒe ʋeʋẽ na ame siwo le tsɔtsrɔ̃m. Ke le ame siwo xɔ Kristo dzi se ya gbɔ la, míenye ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si naa agbe. Azɔ biabia lae nye be ame ka ŋu ŋutete le be wòawɔ dɔ siawo?


Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabena wogbe be yewomaxɔ ame siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la ƒe nya dzi ase o.


Vavã, nyateƒe si tso dzi me ke la nèdina; èfia nunyam le ememe ke.


Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am eye ame siwo diam la kpɔam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite