Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Tito 3:5 - Agbenya La

5 eɖe mí, menye esi míedze be woaɖe mí ta o, ke boŋ le eƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta. Ewɔ esia to ale si wòklɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖa kple ale si wòde Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dzidzɔ yeye mía me la me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 exɔ mi ɖe agbe; menye le dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ, si miawo miewɔ la ta o, ke boŋ exɔ mí le eƒe nublanuikpɔkpɔ la nu to gbugbɔgadzi ƒe tsilele kple Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe yeye wɔwɔ la me,

Gade chapit la Kopi




Tito 3:5
46 Referans Kwoze  

Eyae ɖe mí, eye wotia mí na eƒe dɔ kɔkɔe la wɔwɔ, menye be míedze nɛ ta o, ke boŋ elabena eyae nye eƒe ɖoɖo xoxoxo hafi wòwɔ xexea me be yeaɖe yeƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve afia mí to Kristo Yesu dzi.


Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo.


Ke tsiɖɔɖɔ la nye mawutsideta si miexɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzesi, ke menye ɖikɔklɔ le ŋutigbalẽ ŋu wònye o, ke boŋ adzɔgbeɖeɖe be woatsɔ dzitsinya nyui atrɔ ɖe Mawu ŋu. Mawu sia ɖe mi to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo! Le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta wòna gbugbɔdzi mí ɖe mɔkpɔkpɔ gbagbe me, to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome me.


Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.


Gake ɖe lɔlɔ̃ gã si wòtsɔ na mí ta la, Mawu, ame si nye nublanuikpɔla la


be yeawɔe wòanɔ kɔkɔe to eŋutikɔklɔ kple tsi to nya la me,


O! Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nàgbugbɔ gbɔgbɔ si li ke la de menye.


Nenye Mawu ƒe amenuveve tae la, ekema menye woƒe dɔwɔwɔ tae o. Elabena ne ele nenema la, ekema nu si wona faa la, meganye nunana o.


Eya ta mina míate va Mawu ƒe amenuveve fiazikpui la gbɔ kple dzideƒo, be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe xaxaɣiwo.


Azɔ la, miele agbe yeye nɔm, eye agbe yeye nɔnɔ sia na miele nu nyui wɔwɔ srɔ̃m gbe sia gbe le sidzedze me, be mianɔ ame si nye Wɔla la ƒe nɔnɔme me.


O! Aƒetɔ, ke wò la, Mawu si kpɔa nublanui, eye wòvea ame nu lae nènye, mèdoa dɔmedzoe kabakaba o, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò, eye nèwɔa nuteƒe.


míenyae be wometsoa afia na ame to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔse me. Eya ta míawo hã míexɔ Yesu Kristo dzi se be woatso afia na mí to xɔse me le Kristo me, eye menye to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, elabena wometsoa afia na ame aɖeke to se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.


Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃.


Tsã la, mienye dukɔ o, ke azɔ la, miezu Mawu ƒe dukɔ. Tsã la, womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la, wokpɔ nublanui na mi.


Ele be miaƒe nɔnɔme kple miaƒe susuwo nanɔ tɔtrɔm yeyee,


Elabena míexɔe se be ame akpɔ afiatsotso to xɔse me, ke menye to se la dzi wɔwɔ me o.


Ke esi mekpɔ dzi evenɔviawo o, eye womewɔ nyui alo vɔ̃ o hã, bena Mawu ƒe tameɖoɖo ɖi nanɔ eteƒe le tatia la nu,


le míaƒe Mawu la ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta, to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na mí tso dziƒo,


Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu, eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi


Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.


Afi ka woagakpɔ Mawu bubu le wòanɔ abe wò si tsɔa wò domenyinu mamlɛawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo kena la ene? Mèdoa dɔmedzoe ɖikaa o, ke boŋ èkpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋuti.


Mègabu fɔ wò dɔla o, elabena amegbetɔ aɖeke mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o.


O! Israel, tsɔ wò mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi, elabena lɔlɔ̃ matrɔ le Yehowa si, eye ɖeɖe blibo le eya amea gbɔ.


Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?


Ke esi ɣeyiɣi la de be Mawu, mía Ɖela ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ nado la,


Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la be woakpɔ ɖeɖe to xɔse me, togbɔ be wometi dzɔdzɔenyenye yome o hã.


Eya ta esia metso amegbetɔ ƒe didi alo dɔwɔwɔ gbɔ o, ke boŋ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbɔ wòtso.


Ke ne ame aɖe mewɔ dɔ o, gake wòxɔ Mawu, ame si tsoa afia na ame vɔ̃ɖi dzi se la, ekema woabu eƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee.


ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo, eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe,


Maɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye kple miaƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia, ke womaɖe vi aɖeke na mi o.


Ke wode megbe! Be woagbugbɔ wo ava dzimetɔtrɔ mee la nye nu sesẽ, elabena to woƒe megbedede me, wogbugbɔ Mawu ƒe Vi la gale kaklãm ɖe ati ŋuti, eye wole ŋukpe domii le gaglãgbe.


O! Aƒetɔ, ènyo, eye nètsɔna kena, lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò.


eye O Aƒetɔ, wò la lɔlɔ̃ bɔ ɖe asiwò. Vavã, àɖo eteƒe na ame sia ame ɖe nu si wòwɔ la nu.”


“Nu kae nye amegbetɔ be, wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?


Ne nyemeɖi fɔ o gɔ̃ hã la, nye nu abu fɔm, eye ne nyemedze agɔ o hã la, abu fɔm.


Menye esi mienye ame nyui dzɔdzɔewo tae Yehowa anya wo ɖa le mia ŋgɔ ɖo o! Megale egblɔm na mi be, dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae hekpe ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋugbe si wòdo na mia fofowo, Abraham, Isak kple Yakob ŋu ta koe.


Mahlẽ tsi kɔkɔe ɖe mia ŋu, eye mia ŋuti akɔ. Makɔ mia ŋuti tso miaƒe makɔmakɔnyenye katã me, eye maɖe miaƒe legbawo katã ɖa le mia dome.


“Nye la, metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo trɔ dzi me, gake ame aɖe gbɔna, ame si de ŋgɔ wum sãa ale gbegbe be nyemedze be manye eƒe subɔla gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi.


ale be ne mate ŋui la, mana nye ŋutɔ nye amewo adi nu si le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la si, eye mato esia me aɖe wo dometɔ aɖewo.


mina míate ɖe Mawu ŋu le dzi vavã me kple xɔse ƒe kakaɖedzi blibo la me kple dzi siwo ŋu wohlẽ ʋu ɖo be wòaklɔ mía ŋuti tso dzitsinya vɔ̃ɖiwo me, eye wòale tsi na míaƒe ŋutilãwo kple tsi zɔzrɔ̃e.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite