Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Tito 2:6 - Agbenya La

6 Nenema ke, do ŋusẽ ɖekakpuiwo be woanye ɖokuidziɖulawo.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Nenema ke xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo hã be, woaɖu wo ɖokui dzi nyuie.

Gade chapit la Kopi




Tito 2:6
9 Referans Kwoze  

Ɖo ŋku wò Wɔla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me, hafi ŋkeke vɔ̃wo nava eye ƒe siwo me màgakpɔ dzidzɔ le agbeɖuɖu ŋu le o la nagogo.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na ame tsitsiwo. Mido ɖokuibɔbɔ abe awu ene na mia ɖokuiwo, ale be miate ŋu asubɔ mia nɔewo, elabena, “Mawu tsia tsitre ɖe dadalawo ŋu, ke evea ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo la nu.”


Meŋlɔe na mi, fofowo, Elabena mienya eya ame si nɔ anyi tso gɔmedzedzea me ke. Meŋlɔe na mi, ɖekakpuiwo, Elabena mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, eye nàna wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpuime. Zɔ ɖe wò dzi ƒe didi kple wò ŋku ƒe nukpɔkpɔ nu, ke nyae be Mawu adrɔ̃ ʋɔnu wò le nu siawo katã ta,


“Le nu siawo megbe la, matrɔ nye Gbɔgbɔ akɔ ɖe amewo katã dzi! Mia viŋutsuwo kple nyɔnuwo agblɔ nya ɖi, miaƒe ame tsitsiwo aku drɔ̃ewo eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo.


Mègaƒo nu na ametsitsi aɖeke kple adã o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiwo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene.


ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa nekafui.


ɖekakpuiawo kpɔam, heƒoa asa nam eye ame tsitsiwo tsona ɖe tsitrenu,


eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava, eye mianɔ mo xexi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite