Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 9:19 - Agbenya La

19 Ame aɖe abiam be, “Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ mí ɖo? Elabena ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu mahã?”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Azɔ la nèle gbɔgblɔ ge nam bena: Nukaŋuti wògahea nya? Elabena ameka ate ŋu atsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti mahã?

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 9:19
19 Referans Kwoze  

Wobua anyigbadzitɔwo katã be womele ɖeke me o. Ewɔa nu si dzea eŋu kple dziƒoŋunuwo kple anyigbadzitɔwo. Ame aɖeke mate ŋu ahe eƒe asi ɖe megbe loo alo abiae be, “Nu kae nye esi nèwɔ?”


“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, Mawu ɖeka si le dziƒowo, wòe nye anyigbadzifiaɖuƒewo katã Dziɖula, wò ŋusẽ tri akɔ, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò?


Ke ame aɖe abia be, “Aleke ame kukuwo le fɔfɔ ge ɖe tsitre mahã? Ŋutilã ka tɔgbie anɔ wo si?”


Ke ne woɖe gbeƒã be Kristo fɔ tso ame kukuwo dome la, aleke mia dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi aɖeke meli o mahã?


Amegbetɔ Vi la aku abe ale si Mawu ƒe gbeƒãɖelawo gblɔe da ɖi xoxoxo la ene, gake baba na ame si adem asi la. Le nyateƒe me la, ɖe womegaxa dzii o la anyo nɛ wu.”


Vavã, wò dziku helĩhelĩ ɖe amewo ŋu, he kafukafu vɛ na wò, eye ame siwo tsi agbe le wò dziku la megbe la dze akɔ anyi.


Ne ŋusẽ ƒe nya wònye la, kpɔ ɖa, ŋusẽtɔe wònye! Ke ne enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nya la, ame kae akplɔe ayi ʋɔnui?


Le nye ɖeka gome la, Mawu trɔ nu si mieɖo be wòanye nu vɔ̃ la wòzu nu nyui, elabena etsɔm ɖo teƒe kɔkɔ si mele egbe la be mate ŋu aɖe ame geɖewo ƒe agbe.


Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be, “Mawu le teyem kpɔ o,” elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke kpɔ o.


Miagblɔ be, “Wolã alɔ siawo ɖa be woakpɔ teƒe nam. Esia fia be menye ame dzadzɛ.”


Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui.


Mietrɔ gbo nu sia nu, eye miebu zemela abe anyi si wòtsɔ le ze mem la ene! Ɖe ze agblɔ na zemela be. “Mènya naneke oa?”


Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la, xɔse le asiwò, ke nye la, dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam, eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite