Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 8:5 - Agbenya La

5 Ame siwo zɔna le ŋutilã nu la ƒe susuwo nɔa ŋutilã ƒe nudzodzrowo ŋuti; gake ame siwo zɔna le Gbɔgbɔ la nu la ƒe susuwo nɔa Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena amesiwo noa anyi le ŋutilã nu la, ŋutilã ƒe nuwo wodina; ke amesiwo nɔa anyi le Gbɔgbɔ nu la, gbɔgbɔ me nuwo wodina.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 8:5
14 Referans Kwoze  

Eya ta ne Mawu ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, mate ŋu ase Mawu ƒe nya siawo gɔme o, eye maxɔ wo dzi ase hã o. Nya siawo katã aɖi bometsinya le to me na ame sia tɔgbi elabena ame siwo me Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le la koe ate ŋu ase nya si gblɔm Gbɔgbɔ la le la gɔme.


Amegbetɔ ate ŋu adzi ŋutilã ko, gake Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae naa agbe yeye tso dziƒo.


Ke miawo la, mienɔa agbe le ŋutilã nu o, ke boŋ mienɔa agbe le Gbɔgbɔ la nu, ne ele eme be Mawu ƒe Gbɔgbɔ le mia me. Eye ne Kristo ƒe Gbɔgbɔ mele ame aɖe me o la, eya amea menye Kristo tɔ o.


Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na Petro adãtɔe be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu, ke menye le Mawu tɔ nu o.”


Enye nyateƒe be míele ŋutilã me zɔm gake, míewɔa aʋa le ŋutilã nu o.


Esia nye nyateƒe, vevietɔ na ame siwo dze ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, eye wodoa vlo kplɔlawo. Dzideƒo kple ɖokuiŋudzedze le ame siawo me ale gbegbe be womevɔ̃a nya vlowo gbɔgblɔ ɖe dziƒodɔlawo ŋu o.


(Elabena kekeli ƒe kutsetse nye dɔmenyo, dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe),


Ŋutilã le amegbetɔ ɖe sia ɖe si abe Adam tɔ ene. Wowɔe tso anyi me, ke ame siwo katã zu Kristo tɔ la, Kristo ƒe ŋutilã tɔgbi, si anye ŋutilã si tso dziƒo la anɔ wo si.


Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe ŋutilã la ŋu. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite