Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 8:2 - Agbenya La

2 elabena to Yesu Kristo me la, Gbɔgbɔ si naa agbe la ɖem tso nu vɔ̃ kple ku ƒe se la si me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 8:2
29 Referans Kwoze  

Esia ta nu vɔ̃ magaɖu fia ɖe mia dzi azɔ o, elabena miegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ miele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te.


Aƒetɔ la ŋutɔe nye Gbɔgbɔ si naa agbe wo eye afi si Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le ko la, afi mae ablɔɖe le.


Woxɔ mi le nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo.


Mawue nye ame si na míedze be míanye Nubabla Yeye la ƒe gbeƒãɖelawo. Nubabla Yeye sia to vovo sãa tso xoxoa si nye se siwo woŋlɔ la gbɔ. Ke yeyetɔ nye be míasubɔ Mawu le Gbɔgbɔ me elabena Gbɔgbɔ lae gbɔa agbe ame, ke seawo ɖeɖe ko dzi wɔwɔ kplɔa ame yia ku me.


Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe na mí be, “Ame gbãtɔ, Adam, zu luʋɔ gbagbe.” Ke Adam mamlɛtɔ la zu gbɔgbɔ si na agbe.


Eya ta ne Vi la na miekpɔ ablɔɖe la, ekema miezu ablɔɖeviwo vavã.


Mianya nyateƒe la hã, eye nyateƒe la awɔ mi ablɔɖeviwoe.”


Eya ta nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, be miazu ame bubu si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la tɔ, be míatse ku na Mawu.


Ke azɔ esi woxɔ mi tso nu vɔ̃ si me hewɔ mi ablɔɖeviwoe, eye miezu Mawu ƒe kluviwo la, miekpɔa viɖe hena kɔkɔenyenye; ke nuwuwu la nye agbe mavɔ.


Gbɔgbɔ la naa agbe; wɔna aɖeke mele ŋutilã ya ŋu o. Nya siwo megblɔ na mi la nye Gbɔgbɔ kple agbe.


Le nyateƒe me la, tsi si manae la azu agbetsi, anɔ sisim le eme si ahe agbe mavɔ vɛ.”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.”


Ablɔɖemenɔnɔ ta Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe ɖo. Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye migana kluvinyenye ƒe kɔkuti nagaku kɔ na mi azɔ o.


“Elabena to se la me la, meku na se la, be manɔ agbe na Mawu.


be ale si nu vɔ̃ ɖu fia le ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fia to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ dzi.


Eya ta mekpɔ se sia be ele dɔ wɔm; togbɔ be medina be mawɔ nu nyui hã la, nu vɔ̃ gaxea mɔ nam.


Gbugbɔ ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dzidzɔ de menye, eye nàna gbɔgbɔ si le klalo la be wòalém ɖe asi.


Tete mawudɔla la fia agbetsitɔsisi lam, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene; ele sisim tso Mawu ƒe fiazikpui la kple Alẽvi la gbɔ


Esia ta adegbeƒoƒo aɖe lia? Adegbeƒoƒo aɖeke meli o. Nu ka ta míaƒo adegbe ɖo? To se la dzi wɔwɔ mea? Gbeɖe, ke boŋ to xɔse me.


Ke le ŋkeke etɔ̃ kple afã la megbe la, agbegbɔgbɔ tso Mawu gbɔ ge ɖe ame kukuawo me, wotsi tsitre, eye ŋɔdzi gã aɖe lé ame siwo kpɔ wo la.


gake mekpɔ be se bubu le dɔ wɔm le menye, esi le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòna mezu kluvi na nu vɔ̃ ƒe se si le menye la.


Eya ta azɔ la, fɔbubu aɖeke megali na ame siwo le Kristo Yesu me la o,


Mido gbe na Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me.


Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye le esia wɔwɔ me la, miawu Kristo ƒe se la nu.


Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣe sia ɣi, eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o, ke boŋ wòwɔa edzi la, woayrae le nu si wòwɔna la me.


Ne nu gbagbeawo ɖe zɔ la, woawo hã ɖea zɔ; ne nu gbagbeawo tɔ la, woawo hã tɔna, eye ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokuiwo dzi tso anyigba la, tasiaɖam ƒe afɔawo hã kɔa wo ɖokuiwo dzi tso anyigba abe nu gbagbeawo ene, elabena nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ tasiaɖam ƒe afɔawo me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite