Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 6:9 - Agbenya La

9 Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 elabena mienyae bena, Kristo, si wofɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, megale kuku ge akpa o; ku megale edzi ɖu ge akpɔ o.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 6:9
11 Referans Kwoze  

Esia ta nu vɔ̃ magaɖu fia ɖe mia dzi azɔ o, elabena miegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ miele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te.


Nyee nye Ame si le agbe; meku kpɔ, gake kpɔ ɖa, mele agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Eye ku kple tsiẽƒe ƒe safuiwo le asinye.


Eya ta ŋusẽ le esi be wòaɖe ame siwo va Mawu gbɔ to eya amea dzi la blibo, elabena ele agbe tegbee le nya xɔm ɖe akɔ na wo.


Gake ku ɖu fia tso Adam ƒe ɣeyiɣiwo dzi va se ɖe Mose ƒe ɣeyiɣiwo dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe sedzimawɔmawɔ o la dzi, ame si nye ame si gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu.


ame si va zu nunɔla, menye to ɖoɖo si wowɔ da ɖi ku ɖe eƒe dzɔtsoƒe ŋuti o, ke boŋ ku ɖe ŋusẽ si le agbe si mekuna o la ŋuti.


Eya ta esi wode mawutsi ta na mí ɖe eƒe ku me la, woɖi mí kpakplii, bena abe ale si wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome to Fofo la ƒe ŋutikɔkɔe me ene la, nenema ke míawo hã míazɔ le agbe ƒe yeyenyenye me.


Esi wòku la, eku na nu vɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ɔ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite