Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 6:10 - Agbenya La

10 Esi wòku la, eku na nu vɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ɔ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena esi wòku la, eku na nuvɔ̃ zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu; ke esi wòle agbe la, ele agbe na Mawu.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 6:10
10 Referans Kwoze  

Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.


Susu sia ta wogblɔ nyanyui la na ame siwo ku va yi xoxo la hã, ale be togbɔ be le woƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi me woto ʋɔnudɔdrɔ̃ si me amegbetɔ ɖe sia ɖe tona hã la, woate ŋu ava Mawu ƒe agbe la gbɔ le gbɔgbɔ me.


elabena Kristo ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta zi ɖeka hena ɣeyiɣiwo katã. Mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o, gake eku ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta be wòakplɔ mi va Mawu gbɔe dedie. Wowui le ŋutilã me, ke wogbɔ agbee le Gbɔgbɔ me,


Nu vevitɔ si ta Kristo ku ɖe amewo katã ta lae nye be mí ame siwo le agbe fifia eye míekpɔ gome le Mawu ƒe amenuveve ƒe nunana si nye agbe mavɔ la me la, míaganɔ agbe na mía ɖokuiwo alo awɔ nu si dze mía ŋu o. Ele be míanɔ agbe na Kristo ɖeka ko, ame si ku, ke Fofo la fɔe ɖe tsitre la eye míawɔ nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu ko.


Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me,


Nenema ke miawo hã mibu mia ɖokuiwo be yewoku na nu vɔ̃, gake yewole agbe na Mawu le Kristo Yesu me.


Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe, elabena wo katã wole agbe nɛ.”


Elabena míenya be esi wofɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, magaku akpɔ o; ku magaɖu fia ɖe edzi akpɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite