Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 6:1 - Agbenya La

1 Azɔ nu ka gblɔ ge míala? Ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi be Mawu nanɔ nublanui kpɔm na mí to míaƒe nu vɔ̃wo tsɔtsɔke mea?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo ɖe miaganɔ nuvɔ̃ me, bene amenuveve la nasɔ gbɔ ɖe dzia?

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 6:1
9 Referans Kwoze  

Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋu dɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene.


Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me.


Ekema aleke wòle? Esi míegale se la ƒe kpɔkplɔ te o, ke boŋ míele amenuveve la ƒe kpɔkplɔ te ɖe, ɖe míaganɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi mahã? Gbeɖe!


Alo ɖe mètsɔ ɖeke le Mawu ƒe dɔmenyo gã la, eƒe dzidodo, kple eƒe dzigbɔɖi me oa? Alo mènya be Mawu ƒe dɔmenyo ƒe taɖodzinue nye be wòana nàtrɔ dzi me oa?


Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.


Ɖe míate fli ɖe se la me to xɔse sia mea? Gbeɖe! Ke boŋ se la le eteƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite