Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 5:13 - Agbenya La

13 Nu vɔ̃ le xexea me hafi se la va, gake womebua nu vɔ̃ na ame aɖeke ne se meli o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 elabena vaseɖe sededeŋɔli ke nuvɔ̃ le xexeame, gake ne se meli o la, womebua nuvɔ̃ o;

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 5:13
16 Referans Kwoze  

elabena se la hea dɔmedzoe vanɛ. Eye afi si se mele o la, nu vɔ̃ menɔa anyi o.


Elabena ku ƒe ti nye nu vɔ̃, eye nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ nye se la.


Ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la da sea dzi. Le nyateƒe me la, nu vɔ̃ nye sedzimawɔmawɔ.


Le Yehowa gbɔ la, enye nu vɔ̃ Onan wɔ be wògbe be yemadzi vi na ye nɔvi kukua o, eya ta Yehowa wu eya hã.


Ke Er, Yuda ƒe ŋgɔgbevi nye ŋutsu vɔ̃ɖi aɖe, eya ta Yehowa wui.


Na míana mía fofo nano wain amu, eye wòadɔ mía gbɔ, ale be míate ŋu adzi vi, eye míaƒe dzidzime nu matso o.”


eye wodi be yewoaɖo xɔ la, Sodom ŋutsuwo, ɖekakpuiwo kple ame tsitsiwo siaa tso dua ƒe akpa sia akpa va ƒo xlã aƒe la,


Ale Yehowa gblɔ na Abraham be, “Mese be Sodomtɔwo kple Gomoratɔwo nye nu vɔ̃ wɔlawo, eye nu sia nu si woawɔ la nye nu vɔ̃ɖi.


Ame siwo nɔ Sodom la nye ame vɔ̃ɖiwo, eye wowɔ nu vɔ̃ geɖewo ɖe Yehowa ŋu.


Yehowa kpɔ ŋudzedze le vɔsa la ŋu, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyemagaƒo fi ade anyigba o, eye nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã le edzi azɔ o, togbɔ be amegbetɔ ƒe dzɔdzɔme henɛ dea nu vɔ̃ me tso keke eƒe ɖevime ke, eye wòwɔa nu vɔ̃wo tsyo ƒomevi gɔ̃ hã.


Azɔ la, nu vɔ̃ wɔwɔ ganɔ edzi yim wu tsã le xexea me godoo, eye Mawu kpɔ be nu vlo wɔwɔ na xexea me gblẽ keŋ.


Míenya be míeto ku me yi agbe me, elabena míelɔ̃a mía nɔewo. Ame si melɔ̃a ame o la, gale ku ƒe asi me.


Ale nɔvi eveawo fɔ fu na wo fofo Lot.


Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite