Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 3:3 - Agbenya La

3 Ekema ne xɔse mele wo dometɔ aɖewo si o ɖe? Ɖe xɔse si mele wo si o la ate fli ɖe Mawu ƒe anukwaretɔnyenye mea?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena ne amea ɖewo mewɔ nuteƒe o la, nukae? Alo ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔ aɖe Mawu ƒe nuteƒetɔnyenye ɖa mahã?

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 3:3
19 Referans Kwoze  

Ne míenye nuteƒemawɔlawo o hã la, eya anɔ anyi nuteƒewɔlae, elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.”


Elabena wogblɔ nyanyui la na mí abe ale si wogblɔe na woawo hã ene. Gake nya si wose la, meɖe vi na wo o, elabena ame siwo see la mexɔe se o.


Ke mele eme be Mawu ƒe ŋugbedodowo zu dzodzro o. Elabena menye ame siwo katã tso Israel lae nye Israeltɔwo o.


nenema kee nye, nye nya si do le nye nu me, matrɔ agbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o; negbe ɖe wòwɔ nu si medi kple nu si ta medɔe ɖo la hafi.


Nɔvi lɔlɔ̃awo, ele be míatsɔ akpedada na Mawu ɖe mia ta. Menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe, eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta.


Gake menye Israeltɔwo katãe xɔ nyanyui la dzi se o, elabena Yesaya gblɔ be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nyawo dzi se mahã?”


Wole azɔli dzi tso ŋusẽ me yi ŋusẽ me va se ɖe esime wo dometɔ ɖe sia ɖe nado ɖe Mawu ŋkume le Zion.


Ame si nye Israel ƒe ŋutikɔkɔe la, mele alakpa dam o, eye matrɔ ta me o, elabena menye amegbetɔe wònye o!”


Mawu menye amegbetɔ, aka aʋatso o. Metrɔa eƒe tameɖoɖo. Abe amegbetɔwo ene o. Ɖe wòdo ŋugbe kpɔ gbe edziwɔwɔa?


Ke mí ame siwo katã xɔ Yesu Kristo abe Aƒetɔ ene heɖoa dzi ɖe eŋu la, nutsyɔnu aɖeke mele míaƒe mowo o, eya ta míele abe ahuhɔ̃e si ɖea Aƒetɔ la ƒe keklẽ kple ŋutikɔkɔe fiana la ene. Eye zi ale si Aƒetɔ la si nye Gbɔgbɔ la le dɔ wɔm le mía me la, etrɔa mí be míaɖi Kristo le eƒe ŋutikɔkɔe me.


“Dziƒo kple anyigba nu ava yi, gake nye nyawo anɔ anyi ɖaa.


Elabena Mawu magagbugbɔ eƒe nunanawo kple eƒe ameyɔyɔ axɔ o; Mawu magbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ gbeɖe o.


Ena yayra geɖe mí tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite