Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 3:19 - Agbenya La

19 Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 3:19
24 Referans Kwoze  

Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.”


Aleke míawu nya la nue? Ɖe míagblɔ be míenyo wu ame bubuwoa? Ao, mele eme nenema o, elabena míegblɔ xoxo be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa nye nu vɔ̃ wɔlawo.


Ekema ne metsɔ nu vɔ̃ siwo katã nèwɔ ke wò la, àɖo ŋku edzi, eye ŋu akpe wò, màgake nu azɔ o le wò ŋukpe ta.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”


Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale se la te o.


ale be ame aɖeke mate ŋu aƒo adegbe le eŋu le Mawu ƒe ŋkume o.


elabena wo katã wowɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo,


Ame dzɔdzɔe kpɔe, eye wòkpɔ dzidzɔ, gake ame vɔ̃ɖiwo katã mia woƒe nu.


Migblɔe nam, mi ame siwo di be yewoanɔ se la te la, mienya nu si se la gblɔ oa?


be wòaɖe ame siwo le se la te la, be wòate ŋu axɔ mí abe eya ŋutɔ ƒe viwo ene.


Elabena tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me la, Mawu ƒe nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o, esiwo nye eƒe ŋusẽ mavɔ kple eƒe mawunyenye la me kɔ na wo ƒãa. Wose esia gɔme to eƒe nuwɔwɔwo me, be taflatsedodo naganɔ ame aɖeke si o.


Esi wose nya sia la, wode asi dzodzo me ɖekaɖeka, tso tsitsitɔ dzi va se ɖe esime wo katã wodzo negbe Yesu kple nyɔnu la koe susɔ.


Ale mɔkpɔkpɔ ɖoa hiãtɔ si eye nu madzɔmadzɔ miaa eƒe nu.


Adzɔ eƒe ame kɔkɔewo ƒe afɔ ŋu, ke ɖoɖoe azi le ame vɔ̃ɖiwo nu le viviti me. “Menye kalẽ me ame tona ɖua dzi o;


Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”


Viɖe geɖe le Yudatɔnyenye me. Gbã la, Mawu tsɔ eƒe nyawo de asi na wo.


Esia wu nya si wogblɔ le se la me be, ‘Wolé fum dzodzro’ la nu.


Ke fia la akpɔ dzidzɔ le Mawu me; ame siwo katã kaa atam le Mawu ƒe ŋkɔ me la akafui, ke woamia nu na alakpatɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite