Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 3:10 - Agbenya La

10 Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame dzɔdzɔe aɖeke meli o, ɖeka pɛ hã meli o;

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 alesi woŋlɔ ɖi bena: „Ame dzɔdzɔea ɖeke meli o, ɖeka hɔ̃ meli o.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 3:10
29 Referans Kwoze  

elabena wo katã wowɔ nu vɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo,


“Nu kae nye amegbetɔ be, wòadza alo ame si nyɔnu dzi la be wòanɔ dzɔdzɔe?


Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?


Elabena ame ƒe dzi mee susu vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dodo, ahasiwɔwɔ, matrewɔwɔ, fififi, aʋatsokaka kple ameŋugbegblẽ doa go tsona.


Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã eye womate ŋu ayɔ dɔe o. Ame ka ate ŋu ase egɔme?


Míawo hã míenye abunɛtɔwo kpɔ, eye míegbe toɖoɖo. Ame bubuwo ble mí, eye míezu kluviwo na ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo kple fieŋufieŋu vɔ̃ɖiwo. Havimalɔmalɔ̃ kple ŋuʋaʋã xɔ mía me keŋ. Míelé fu amewo, eye woawo hã lé fu mí.


Yesu biae be, “Nu ka ta nèyɔm be ame nyui ɖo? Ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko.


elabena woŋlɔ ɖi be, “Minɔ kɔkɔe elabena nye la mele kɔkɔe.”


Ame ka ate ŋu aɖe nu dzadzɛ tso nu si medza o la me? Ɖeka pɛ teti hã o!


Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”


aleke wòahanye amegbetɔ si nye aɖi, esi dovo eye wòno nu vɔ̃ɖi abe tsi ene!


Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo, trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃a aʋatso, eye wokanɛ hã la atsi agbo la godo.


gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”


Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o.


Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm be, “Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, womia woƒe ŋkuwo, eye woƒe towo me xe, Aleae wòle va se ɖe egbe.”


Mègabu fɔ wò dɔla o, elabena amegbetɔ aɖeke mele dzɔdzɔe le ŋkuwò me o.


Ame aɖeke mese egɔme o; ame aɖeke medi Mawu o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite