Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 2:18 - Agbenya La

18 ne mienya eƒe lɔlɔ̃nu, eye mieda asi ɖe nu si nyo la dzi, elabena wofia se la mi;

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 eye nènya eƒe lɔlɔ̃nu, eye nèbu nusi dzɔ kple esi medzɔ o me kpɔ, esi wotia nu wò le sea me la,

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 2:18
19 Referans Kwoze  

Mido nu sia nu kpɔ, eye milé ɖe nu si nyo la ŋu.


eya ta ne ame aɖe nya nu nyui si wòle be wòawɔ, gake mewɔe o la, ewɔ nu vɔ̃.


Elabena medina vevie ɣe sia ɣi be miakpɔ vovototo le nyui kple vɔ̃ dome, eye kpe ɖe esia ŋuti la, mianɔ dzadzɛ le miaƒe dziwo me, ale be ame aɖeke makpɔ kpɔtsɔtsɔ le mia ŋuti o, va se ɖe esime Kristo nagatrɔ ava.


Eye dukɔ bubu kae gali si de ŋgɔ ale gbegbe be, se kple ɖoɖo dzɔdzɔe siawo tɔgbi le wo si abe se siwo metsɔ le mia ŋkume ɖom egbea ene?


Ke nuɖuɖu sesẽ nye ame tsitsiwo tɔ, ame siwo to eŋudɔwɔwɔ atraɖii me he wo ɖokuiwo be woate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.


Ele be nu siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me gbe aɖe gbe ke la nafia dzigbɔɖi mí, eye woade dzi ƒo na mí, ale be míanɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si Mawu aɖu nu vɔ̃ kple ku dzi la.


Mienya esiawo, eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi.


“Woahe to na dɔla ma vevie, elabena enya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu be wòawɔ ɖe edzi, gake egbe mewɔe o.


elabena sedede siawo nye akaɖi, nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ,


Kekeli vana ne woʋu go wò nyawo, eye nugɔmesese sua ame gblɔewo gɔ̃ hã si.


Yehowa ƒe mɔwo dzɔ, wonana dzi kpɔa dzidzɔ. Yehowa ƒe sewo me kɔ, wonana ame dzea nunya.


be wòagbugbɔ aɖo kpe edzi na wò be nu siwo katã wofia wò lae nye nyateƒea.


ne mieka ɖe edzi be yewoe afia mɔ ŋkuagbãtɔwo, yewoe nye kekeli na ame siwo le viviti me,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite