Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 2:14 - Agbenya La

14 (Le nyateƒe me la, ne ame siwo menye Yudatɔwo o, ame siwo si se mele o, gake wowɔ nu ɖe dzɔdzɔme ƒe ɖoɖo nu eye wòsɔ kple se la la, ekema wozu se na wo ɖokuiwo,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena ne trɔ̃subɔla, siwo si se mele o la, wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me la, ekema amesiwo si se mele o la, wonye se na wo ɖokui,

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 2:14
16 Referans Kwoze  

Eya ta woahe to na ame siwo katã si se mele o la abe semanɔsitɔwo ene ne wowɔ nu vɔ̃ eye woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo le se la te abe setenɔlawo ene.


Ame si wometso aʋa na le ŋutilã me o, gake wòwɔna ɖe se la dzi la, abu fɔ wò, ame si, togbɔ be woŋlɔ se la na wò, eye wotso aʋa na wò hã la, nènye sedzidala.


miɖo ŋku edzi be ɣe ma ɣi la, miete ɖa tso Kristo gbɔ, mienye Israeltɔwo o, eye mienye amedzrowo na nubabla si wowɔ tso ŋugbedodo la me, mɔkpɔkpɔ kple Mawu menɔ mia si le xexea me o.


Tsã la, Mawu mia ŋku ɖe amegbetɔ ƒe numanyamanya dzi. Ke azɔ la, eɖe gbe be ame sia ame natrɔ dzi me asubɔ ye ɖeka ko,


ke boŋ exɔa ame sia ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu si le eteƒe, du ka ke mee wòtso hã.


Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenem nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.


Dukɔ bubu kae li, si xɔ ŋkɔ ale gbegbe be woƒe mawuwo tsɔ ɖe wo gbɔ abe ale si Yehowa, míaƒe Mawu la tsɔ ɖe mia gbɔ ne míedo gbe ɖa nɛ ene?


Ɖe dzɔdzɔme ŋutɔ mefia mi be enye ŋukpe be ɖa legbe nanɔ ŋutsu ta oa?


Mlɔeba la, nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siwo nye nyateƒe, nu siwo dze na bubu, nu siwo nyo, nu siwo le dzadzɛe, nu siwo dze na lɔlɔ̃, nu siwo nya kpɔna, nu siwo dze na kafukafu, ne nane li si nyo, eye wòdze na kafukafu la, mibu nu siawo ŋu.


Tsã la, Mawu ɖe asi le dukɔ ɖe sia ɖe ŋu wòwɔ nu si dze eŋu.


togbɔ be se mele wo si o be woŋlɔ nu si se la bia la ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu hã bua fɔ wo, eye wòʋlia wo ta ɣe bubu ɣi.)


Mezu abe semanɔsitɔ ene hena semanɔsitɔwo (gake nyemenye semanɔsitɔ na Mawu o, ke mele Kristo ƒe se la me boŋ), be asinye nasu semanɔsitɔwo dzi.


Mí katã míenɔ ko abe ame mawo ene tsã, míaƒe agbe ɖea nu vɔ̃ɖi siwo le mía me la fiana, eye míewɔa nu vɔ̃ siwo me míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo kple susu vɔ̃wo kplɔa mí denae. Míedze agbe baɖa nɔnɔ gɔme, elabena wodzi mí kple dzɔdzɔme vɔ̃ɖi, ale míenɔ Mawu ƒe dɔmedzoe la te abe ame bubu ɖe sia ɖe ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite