Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 13:9 - Agbenya La

9 Ke nya si woŋlɔ ɖi bena: “Mègawɔ ahasi o,” “Mègawu ame o,” “Mègafi fi o,” “Mègabiã ŋu o,” eye ne se bubu aɖe gali si ƒo esiawo ta la, ekema eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Elabena nya, si woŋlɔ ɖi bena: „Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megabiã ŋu o;“ eye ne se bubua ɖe gali la, ƒe ta le nya sia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene!“

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 13:9
13 Referans Kwoze  

Esi gakplɔe ɖo lae nye be, nàlɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.


Eɖo eŋu be, “Mose ƒe se la gblɔ be, ‘Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi kple luʋɔ blibo la kple wò susu kple wò ŋusẽ katã hã, eye nàlɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ ”


Se eveliae nye, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me la, Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o.”


“ ‘Mègabia hlɔ̃ o. Mègalé nya ɖe dɔ me o, ke boŋ lɔ̃ nɔviwò abe ɖokuiwò ene, elabena nyee nye Yehowa.


Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me.


Ele be mialé be na wo abe mia ɖokuiwo ene, eye miaɖo ŋku edzi be miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu!


Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, ‘Mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò kple bubuawo.’ ”


Azɔ le wò biabia la ŋuti la, ènya seawo xoxo. Woawoe nye: mègawu ame o, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègada alakpa o, mègaba ame o, bu fofowò kple dawò.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite