Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 11:25 - Agbenya La

25 Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi, eye miade asi dada me o. Ɛ̃, eme kɔ be Israel ƒe ame aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, miava Kristo gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 11:25
41 Referans Kwoze  

Woawu wo tamesesẽtɔe alo woaɖe aboyo wo ayi xexemedukɔ bubuwo mee. Ame siwo menye Yudatɔwo o la aɖu Yerusalem dua dzi agbãe gudugudu. Esia ayi dzi va se ɖe esime wòdze Mawu ŋu be wòaɖo asi ame siwo menye Yudatɔ siawo o dzi.”


Azɔ mikafu Mawu si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me la. Esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexea me ƒe gɔmedzedzea me ke.


Miwɔ dɔ kple mia nɔewo dzidzɔtɔe. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo o. Migadze agbagba be yewoadze amegãwo ŋu o, ke boŋ mide ha kple ame gblɔewo. Migabu be yewonya nu sia nu o.


Gake le ŋkeke siwo me mawudɔla adrelia aku eƒe kpẽa la, Mawu ƒe nu ɣaɣla la ava eme abe ale si wòɖe gbeƒã na eƒe dɔla nyagblɔɖilawoe ene.”


Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.


eye maɖe nya ɣaɣla sia gɔme na ame sia ame. Le blema la, wodzra nya sia ɖo ɖe Mawu, ame si wɔ nuwo katã la me.


Anyigba ƒe mlɔenu katã hã aɖo ŋku edzi, atrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye anyigbadzidukɔwo ƒe ƒomeawo katã ava de ta agu ɖe eŋkume.


Mawudɔla adrelia ku eƒe kpẽ la, eye gbe sesẽ aɖewo ɖi le dziƒo nutowo me bena, “Xexea me ƒe fiaɖuƒe la zu míaƒe Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe fiaɖuƒe, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”


Ke nɔvi lɔlɔ̃wo, migaŋlɔ nu ɖeka sia be o, ŋkeke ɖeka le Aƒetɔ la gbɔ le abe ƒe akpe ɖeka ene, eye nenema ke ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene.


Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migaŋlɔ nu siwo dzɔ ɖe mía tɔgbuitɔgbuiwo dzi le gbedadaƒo le blema la be o. Mawu na lilikpo nɔ ŋgɔ na wo, eye wòkplɔ wo va to Ƒu Dzĩ la me dedie.


Nɔvinye lɔlɔ̃awo, medi be mianya be meɖoe zi geɖe be mava kpɔ mi ɖa, ale be mate ŋu awɔ dɔ le mia dome, eye makpɔ kutsetse nyui siwo ado tso eme abe ale si mewɔ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome ene, gake esia mete ŋu dze edzi o.


Ame sia ame si si nunya le la, ase nu siawo gɔme. Ame sia ame si bua ta me la, neɖo to, elabena Yehowa ƒe mɔwo le dzɔdzɔe, eye ame dzɔdzɔewoe zɔa edzi, ke nu vɔ̃ wɔlawo ya akli nu, adze anyi.


Baba na ame siwo bua wo ɖokuiwo nunyalawoe, eye wonye aɖaŋudelawo le woawo ŋutɔ ɖokuiwo gbɔ.


Eƒe ŋkɔ nenɔ anyi ɖaa, eye nenɔ anyi zi ale si ɣe le keklẽm. Woayra dukɔwo katã to eya amea dzi, eye woayɔe be yayratɔ.


Azɔ la, nɔviwo, medi be maŋlɔ nu na mi tso nunana tɔxɛ siwo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la naa mía dometɔ ɖe sia ɖe la ŋu, elabena nyemedi be nugɔmemasemase aɖeke nanɔ wo ŋu o.


Kuviatɔ nye nunyala le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, wu ame adre siwo ɖoa nya ŋu nunyatɔe.


Èkpɔ ame aɖe si nye nunyala le eya ŋutɔ ŋkume kpɔa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea.


Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.


Ame si nye nunyala la, neɖo to nu siawo, eye wòabu Yehowa ƒe lɔlɔ̃ deto la ŋuti.


Eɖe eme na wo be wo nusrɔ̃lawo ko wona mɔnukpɔkpɔ be woanya nu si dziƒofiaɖuƒe la nye, ke womena mɔnukpɔkpɔ sia ame bubuwo o.


Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te.


Eya ta Mawu kpɔa nublanui na ame siwo wòlɔ̃na be yeakpɔ nublanui na la, eye wòsẽa dzi me na ame siwo wòlɔ̃na be yeasẽ dzi me na la.


Azɔ ne woƒe anyidzedze zu xexea me katã ƒe yayra, eye woƒe bubu zu ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe yayra la, ekema mibu yayra gã si wu esia si ava xexea me dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu.


Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, ame siwo nye amiti dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã, eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa?


Nya siwo míegblɔna la tso Mawu ŋutɔ gbɔ, eya ta wonye nya siwo gɔmesese blibo li na, eye woɖe Mawu ƒe ɖoɖo tɔxɛ si wòwɔ be yeana míakpɔ dzidzɔ la fia. Togbɔ be wowɔ ɖoɖo sia da ɖi hena míaƒe viɖekpɔkpɔ hafi xexea me va dzɔ hã la, enɔ ɣaɣla ɖe mía tɔgbuiwo.


Eya ta ele be miakpɔ Apolo kple nye Paulo ŋutɔ abe Kristo ƒe subɔlawo ko ene. Míaƒe dɔe nye be míaɖe Mawu ƒe nu ɣaɣlawo ɖe go, eye to esia me la, míahe yayra geɖe vɛ na amewo.


Mawu gblɔ eƒe susu ɣaɣla si ta wòɖo Kristo ɖa la na mí. Ewɔ ɖoɖo sia ɖe nublanuikpɔkpɔ na mí ta.


Ame siawo la, woƒe susuwo me do viviti, eye woma ɖa tso Mawu gbɔ, elabena wole agbe le numanyamanya me le woƒe dzimesesẽ ta.


Nu ɣaɣla si le ɣletivi adre siwo nèkpɔ melé ɖe nuɖusi kple sikakaɖiti adreawo me lae nye esi: Ɣletivi adreawo nye hame adreawo ƒe mawudɔlawo, eye sikakaɖiti adreawo nye hame adreawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite