Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Romatɔwo 1:18 - Agbenya La

18 Woɖe Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔ ƒe mawumavɔmavɔ̃ kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye katã ŋu, ame siwo tea nyateƒe la ɖe to, to woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me.

Gade chapit la Kopi




Romatɔwo 1:18
19 Referans Kwoze  

Migana ame aɖeke nable mi o, elabena nu siawo tae Mawu ƒe dɔmedzoe vaa tomaɖolawo dzi ɖo.


Togbɔ be wonya nu le Mawu ƒe sedede dzɔdzɔe la ŋu be ame siwo wɔa nenem nu siawo tɔgbi dze na ku hã la, womeyi nu sia nu wɔwɔ dzi ɖeɖe ko o, ke boŋ woda asi ɖe ame siwo wɔnɛ hã tɔ dzi.


Mawu ƒe dziku helĩhelĩ ava ame siwo wɔa nu siawo la dzi.


Atsɔ madzɔmadzɔnyenye able ame siwo katã yina ɖe dzomavɔ la me, elabena wogbe nyateƒe la xɔxɔ, alɔ̃e be wòaɖe wo o,


Migatsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke wɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye ƒe dɔwɔnu na nu vɔ̃ o, ke boŋ mitsɔ mia ɖokuiwo na Mawu abe ame siwo wogbɔ agbe tso ku me ene; eye mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa sia akpa ɖo anyi nɛ abe dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔnu ene.


Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me la, woaɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe me to eya amea me!


elabena se la hea dɔmedzoe vanɛ. Eye afi si se mele o la, nu vɔ̃ menɔa anyi o.


Gawu la, esi wosusui be mehiã be woalé sidzedze Mawu me ɖe asi o ta la, Mawu ɖe asi le woƒe susu ŋu na bometsitsi be woawɔ nu si mele be woawɔ o.


Ke ne wò, ame si le ʋɔnu drɔ̃m amewo hafi le nu siawo ke wɔm la, ɖe nèsusu be yeasi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nua?


Elabena woɖe nu si wòle be woanya tso Mawu ŋu la me na wo keŋ.


Kpɔ ɖa, le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ko la, Kristo va ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta.


“Mègada alakpa ɖe ame aɖeke si be ewɔ vɔ̃ o. Mègana woawu ame maɖifɔ gbeɖe o. Nyemalɔ̃ ɖe nuwɔna vɔ̃ɖi sia dzi o.


Aleke míawu nya la nue? Ɖe míagblɔ be míenyo wu ame bubuwoa? Ao, mele eme nenema o, elabena míegblɔ xoxo be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa nye nu vɔ̃ wɔlawo.


Eye mienya nu si le mɔ xem na eƒe afi sia vava xoxo, elabena ne eƒe ɣeyiɣi mede o la, mava o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite