Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 82:3 - Agbenya La

3 “Miʋli ame gblɔewo kple tsyɔ̃eviwo ta, eye miwɔ dɔmenyo na hiãtɔwo kple ame siwo wote ɖe to.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Midrɔ̃ ʋɔnu ame tsɛwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe eteƒe, eye mitso na hiãtɔwo kple ame dahewo!

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 82:3
16 Referans Kwoze  

Èʋli tsyɔ̃eviwo kple ame siwo wote ɖe anyi la ta, ale be amegbetɔ si nye anyi la magado ŋɔdzi na amewo azɔ o.


Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.


Eʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ta eya ta nu sia nu dze edzi nɛ ɖo. Ɖe menye esiae nye sidzedzem oa?” Yehowae gblɔe.


Ale Yehowa gblɔe nye si: Miwɔ nu dzɔdzɔe eye miwɔ nu si le eteƒe. Mixɔ ame si woda adzoe la le ŋutasẽla ƒe fego me. Migawɔ vɔ̃ alo ate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo alo ahosiwo ɖe to o eye migakɔ ʋu maɖifɔ hã ɖi ɖe teƒe sia o;


eye woda ami hezrɔ̃ lãlãlã. Seɖoƒe meli na woƒe nu tovowo wɔwɔ o, womexɔa nya ɖe tsyɔ̃eviwo nu be woaɖu dzi o, eye womeʋlia ame dahewo ƒe ablɔɖevinyenye ta o.”


“Mègate amedzrowo kple tsyɔ̃eviwo ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to o, eye mègaxɔ ahosi aɖeke ƒe avɔ abe awɔbanu ene o.


Wò dumegãwo zu aglãdzelawo kple fiafiwo xɔlɔ̃, wolɔ̃a zãnuxɔxɔ, eye wotia nunanawo yome. Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o, eye ahosiwo ƒe nya medzɔna le woƒe ʋɔnu o.


ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ! Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na ame siwo wote ɖe anyi. Miʋli tsyɔ̃eviwo ta, eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu.


Ewɔa nu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Elɔ̃a amedzrowo, eye wònaa nuɖuɖu kple nutata wo.


eye mègaɖe ami ɖe nya la be ne wò ɖaseɖiɖi la nade ame aɖe dzi le eƒe amedahenyenye ta o.


“Mègana ame aɖeke ƒe ahedada nana nàtrɔ eƒe nya dzɔdzɔe wòazu nya gbegblẽ o.


elabena mexɔna na hiãtɔ siwo le ɣli dom be woakpe ɖe yewo ŋu kple tsyɔ̃evi si si kpeɖeŋutɔ mele o.


ne mekɔ nye asi dzi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, evɔa menya be woxɔa nye nya le ʋɔnu la,


Ƒo nu eye nàdrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ƒe ablɔɖe ta.”


O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi, mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si, ne menye nenema o la, nye dziku agbã go, abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.


“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, mikpɔ nublanui, eye mianyo dɔ me na mia nɔewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite