Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 81:5 - Agbenya La

5 Esi Mawu tso ɖe Egiptetɔwo ŋu la, eɖoe anyi be wòanye se na Yosef, afi si míese gbegbɔgblɔ si gɔme míese o la le:

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Elabena esia nye ɖoɖo na Israel kple Yakob Mawu la ƒe kɔnu.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 81:5
17 Referans Kwoze  

Esi Israel do go tso Egipte, esi Yakob ƒe aƒe la do go tso gbe bubu gblɔlawo dome la,


Yehowa be, “O Israel ƒe aƒe, mele dukɔ aɖe kplɔ ge atso didiƒe ava ƒo ɖe dziwò, blemadukɔ si li tegbee, dukɔ si ƒe gbegbɔgblɔ mènya o, eye mèse egɔme hã o.


“Yehowa akplɔ dukɔ aɖe si ƒe gbe mèse o la tso didiƒe ke, wòava dze dziwò abe ale si hɔ̃ dzea eƒe nuɖuɖu dzi ene.


Ètsɔ wò abɔ sesẽ la ɖe wò dukɔ la, ame siwo nye Yakob kple Yosef ƒe dzidzimeviwo. Sela


Ɖe sia ɖe nyo, Mawu aƒo nu kple dukɔ sia to nuyi kple aɖe tutɔwo dzi,


miaɖo eŋu be, ‘Enye Yehowa ƒe mía ŋuti toto ƒe vɔsa, elabena eto Israelviwo ƒe aƒewo ŋuti, eye wòwu Egiptetɔwo.’ ” Ameawo katã de ta agu, eye wosubɔ Mawu.


“Elabena mato Egiptenyigba la dzi le zã sia me, eye mawu ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe, amewo kple lãwo tɔwo siaa. Madrɔ̃ ʋɔnu Egipte mawuwo katã, elabena nyee nye Yehowa.


Azɔ la, Mose na nyanya Farao be, “Yehowa be, ‘Mato Egiptenyigba la katã dzi le zãtitina.


Miekua wain ɖe tre gãwo me wòyɔna banaa mienona, eye miesia ami ʋeʋĩwo, gake Yosef ƒe aƒe la ƒe gbegblẽ ya meka mi o,


Miwɔ nye Dzudzɔgbewo kɔkɔe be woanye dzesi anɔ mia dome. Ekema mianya be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.”


ale be dzidzime megbetɔwo hã nanya wo, eye vi siwo womedzi haɖe o hã nanya wo, ne woawo hã nafia wo viwo.


esi wodzo le Egipte, eye woƒu asaɖa anyi ɖe


Le zã ma me, le zãtitina tututu la, Yehowa wu ŋutsuvi gbãtɔwo le Egiptenyigba la dzi, tso Farao ƒe viŋutsuvi gbãtɔ si le eƒe zi dzi la dzi va se ɖe gaxɔmenɔla ƒe viŋutsuvi gbãtɔ dzi. Ewu lãwo ƒe vi siwo nye atsu la ƒe gbãtɔwo hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite