Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 81:1 - Agbenya La

1 Midzi ha, mikpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, míaƒe ŋusẽ la ŋu, eye mitso aseye kple ɣli ɖe Yakob ƒe Mawu la ŋu!

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Asaf tɔ na henɔ la, ne woadzi ɖe Gat-viwo tɔ nu.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 81:1
16 Referans Kwoze  

Mi anyigbawo katã mido ɣli, mitso aseye ɖe Mawu ŋu!


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Midzi ha kple dzidzɔ na Yakob, mido ɣli ɖe dukɔwo ƒe gbãtɔ la ŋu. Miɖe gbeƒã, midzi kafukafuha, ne miagblɔ be, ‘O Yehowa, ɖe wò amewo, ɖe ame siwo susɔ ɖe Israel.’


Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. Sela.


O Yehowa, míaƒe Aƒetɔ, aleke wò ŋkɔ ƒe gãnyenye yɔ anyigba katã dzi ale! Èɖo wò ŋutikɔkɔe anyi ɖe dziƒowo tame.


Mate ŋu awɔ nu sia nu to eya, ame si doa ŋusẽm la me.


Yehowae nye nye ŋusẽ kple akpoxɔnu; nye dzi ka ɖe eya amea dzi, eye wòɖem. Nye dzi ti kpo le dzidzɔkpɔkpɔ ta, eye mada akpe nɛ to hadzidzi me.


‘Nyee nye Abraham, Isak kple Yakob ƒe Mawu’ oa? Eya ta minyae be Mawu la menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo ƒe Mawu wònye.”


Dukɔwo akpɔ dzidzɔ, adzi ha, atso aseye, elabena èɖu dukɔwo dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye nèkplɔ anyigbadzidukɔwo. Sela


“Kpɔ ɖa, ŋutsu si metsɔ Mawu wɔ eƒe mɔ sesẽ o, ke boŋ wòtsɔ eƒe dzi ɖo eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu, eye wòkpɔ ŋusẽ hegblẽ ame bubuwo dome lae nye esi!”


‘Nya si miagblɔ na Yosef lae nye: Mebia tso asiwò be nàtsɔ nɔviwòwo ƒe nu vɔ̃ kple vodada siwo wowɔ ɖe ŋuwò la ake wo.’ Azɔ míeɖe kuku, tsɔ nu vɔ̃ ke fofowò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” Esi nya siawo va ɖo Yosef gbɔ la, efa avi.


Gerson ƒe viwoe nye: Libni kple Simei.


Mawu ŋusẽtɔ, Yehowa ƒo nu heyɔ takpekpe na anyigba la tso agudzedze va se ɖe esime ɣe ɖo to.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite