Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 70:3 - Agbenya La

3 Na be ame siwo le gbɔgblɔm be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃!” la natrɔ megbe adzo kple ŋukpe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ŋu nekpe amesiwo le nye agbe yome tim la, eye woƒe mo netsi dã; amesiwo le nye dzɔgbevɔ̃e dim la, nete gbugbɔ ɖe megbe, eye ŋukpe nelé wo!

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 70:3
10 Referans Kwoze  

Ame siwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be, “Ehɛ̃! Ehɛ̃!” la ƒe ŋukpe newɔ moya na wo.


(Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Eti kpo tsɔ eɖokui xlã ɖe anyi, hewo to, eye eƒe dɔmenuwo kaka ɖe afi ma.


“Ame vi, esi Tirotɔwo gblɔ le Yerusalem ŋu be, ‘Ahã! Dukɔwo ƒe agbo kaka, eye woƒe ʋɔtruwo ʋu nam. Azɔ esi eƒe dua gbã ta la, nuwo adze edzi nam’ ta la,


Gblɔ na wo be, ‘Mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya. Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, esi miegblɔ be, “Ahã” ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu le esime wodo gui, ɖe Israelnyigba ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ŋu esime woɖe aboyo eƒe amewo ta la,


Mègana woabu be, “Ɛhɛ̃, esia tututu dim míele” o. Alo agblɔ be, “Míemii agbagbee” o.


Wokea woƒe nu baa ɖe ŋutinye hegblɔna be, “Ɛhɛ̃! Ɛhɛ̃! Míawo ŋutɔ míekpɔe kple míaƒe ŋkuwo.”


Aƒetɔ Yehowa be, futɔ la gblɔ tso ŋuwò be, “Ahã! Gbe aɖe gbe ƒe towo zu mía tɔ.” ’


Na be nunyetsolawo natsrɔ̃ kple ŋukpe, eye nàna be vlododo kple ŋukpe natsyɔ ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.


Nye aɖe agblɔ wò dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwo ŋkeke blibo la, elabena ŋukpe kple tɔtɔ va ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite