Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 70:2 - Agbenya La

2 Ŋukpe kple tɔtɔ neva ame siwo le nye agbe yome tim la dzi. Ame siwo le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mawu, ɖem; Yehowa, netsɔ naxɔ nam!

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 70:2
13 Referans Kwoze  

Ame siwo katã le dzidzɔ kpɔm tso nye xaxa ŋuti la, ŋukpe nelé wo, eye woatɔtɔ; na be ame siwo kɔ wo ɖokuiwo dzi ɖe ŋutinye la nata ŋukpe kple vlododo abe avɔ ene.


Ame siwo le nye agbe yome tim la, ŋukpe kple vlododo nelé wo, eye ame siwo le nugbe ɖom ɖe nye gbegblẽ ŋu la, gbegblẽ netrɔ va woawo ŋutɔ dzi.


Esi Yesu gblɔ be, “Nyee nye esi,” la, ameawo katã zɔ yi megbe, eye wodze anyi.


“Kpɔɖa, ŋukpe kple vlododo ava ame siwo katã do dɔmedzoe ɖe ŋuwò la dzi, ame siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò la atsrɔ̃, eye wo nu ava ayi.


Nunyetsolawo ado vlododo abe awu ene, eye wòata ŋukpe abe avɔ ene.


Na be nunyetsolawo natsrɔ̃ kple ŋukpe, eye nàna be vlododo kple ŋukpe natsyɔ ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la dzi.


Eya ta Yehowa ƒe nya na woe nye be se ɖe se dzi, se ɖe se dzi. Ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ɖoɖo ɖe ɖoɖo dzi, ale be woayi, eye woagbugbɔ ɖe megbe, adze anyi. Mixɔ abi, kamɔ neɖe mi, eye wonelé mi,


Nye futɔwo katã ŋu akpe mi, eye miaƒe mo atsi dãa; woagbugbɔ ɖe megbe enumake kple ŋukpe.


Nyitsu geɖewo ɖe to ɖem; Basan nyitsu sesẽwo ƒo xlãm.


Ɖe nye agbe tso yi ƒe asi me, eye ɖe nye agbe xɔasi la tso avuwo ƒe ŋusẽ me.


Ŋu nekpe ame siwo katã le nye agbe dim ne woaɖe ɖa la; woƒe mo netsi dãa, eye ame siwo katã le nye gbegblẽ dim la negbugbɔ ɖe megbe kple ŋukpe.


O! Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o, O! Nye Mawu, va kaba nàxɔ nam.


O! Yehowa, mele yɔwòm, va gbɔnye kaba. Se nye gbe, ne meyɔ wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite