Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 5:3 - Agbenya La

3 O! Yehowa, le ŋdi me la, àse nye gbe; le ŋdi me la, matsɔ nye biabiawo aɖo ŋkuwò me, eye manɔ lalam kple mɔkpɔkpɔ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye nalé to de nye ɣlidodo ŋu, fianye kple Mawunye, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 5:3
15 Referans Kwoze  

Mefɔ hafi ŋu ke, eye medo ɣli be woaxɔ nam, ke metsɔ nye mɔkpɔkpɔ da ɖe wò nya la dzi.


Ke wò, o Yehowae, mele ɣli dom na be nàxɔ nam, eye le ŋdi me la, nye gbedodoɖa neva gbɔwò.


Le fɔŋli la, Yesu ɖeka do go, eye wòɖe eɖokui ɖe aga be yeado gbe ɖa.


Nye luʋɔ le lalam na Aƒetɔ la wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke; mebe wu ale si zãɖialawo kpɔa mɔ na ŋu ƒe keke.


Fiẽ, ŋdi kple ŋdɔ medo ɣli le xaxame, eye wòse nye gbe.


Nye luʋɔ le diwòm vevie le zã me, le ŋdi la, nye gbɔgbɔ tsia dzi ɖe ŋuwò vevie. Ne wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖiɖi ɖe anyigba dzi la, xexemetɔwo srɔ̃a wò dzɔdzɔenyenye.


O! Yehowa, tɔ nam, le wò lɔlɔ̃ deto la ta, eye trɔ ɖe ŋutinye le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta.


O! Nye Mawu, medo ɣli na wò le ŋkeke kple zã me; megale edzi ko, gake mètɔ nam o.


Wona ame dahewo ƒe konyifafa va eŋkume, ale be wòse hiãtɔwo ƒe ɣlidodo


To dziwò míetutu míaƒe futɔwo do ɖe megbe, eye to wò ŋkɔ me míenya avuzi le míaƒe futɔwo dzi.


Ke wò la, O Mawu, wòe nye fianye tso blema ke; wòe tsɔ ɖeɖe va anyigba la dzi.


Woayra ame siwo nɔa wò aƒe me la, elabena wole kafuwòm ɖaa. Sela


O! Aƒetɔ, ɖo to nye gbe. Wò to nenɔ te nàse nye nublanuiɣli.


Mado wò ɖe dzi, nye Mawu, fia la. Makafu wò ŋkɔ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Èse nye kukuɖeɖe be, “Mègado toku nye ɣlidodo eye nàgbe akɔfafa nam o.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite