Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 48:3 - Agbenya La

3 Mawu le eƒe fiasãwo me, eye wòɖe eɖokui fia abe eƒe mɔ sesẽ ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Zion-to, si nye fia gã la ƒe nu, kɔ eɖokui ɖe dzi nyuie le anyiehe kekeake, eye wònye dzidzɔdonu na anyigba blibo la.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 48:3
14 Referans Kwoze  

Ame siwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la le abe Zion to si meʋãna o, eye wònɔa anyi ɖikaa la ene.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la li kpli mí, Yakob ƒe Mawu la nye míaƒe mɔ sesẽ. Sela


Esi Yehowa kpɔ ale si wobɔbɔ wo ɖokuie la, eɖo Semaya ɖa be wòagblɔ na wo be, “Esi miebɔbɔ mia ɖokui ta la, nyematsrɔ̃ mi keŋkeŋ o, mia dometɔ aɖewo asi. Nyemawɔ Fia Sisak ŋu dɔ le nye dɔmedzoetɔtrɔ kɔ ɖe Yerusalem dzi me o.


Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David Ƒe Du.”


Mawu klẽ tso Zion le eƒe anidzedze blibo la me.


Woakafu Yehowa tso Zion, eya ame si nɔ Yerusalem. Mikafu Yehowa!


Nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe abe Tirza ene, ènya kpɔ abe Yerusalem ene, eye fianyenye le ŋutiwò abe asrafoha siwo lé aflaga ɖe asi ene.


Ame siwo katã va toa wò mɔ dzi yina la si akpe ɖe ŋuwò, woɖua fewu heʋuʋua ta ɖe wò Yerusalem vinyɔnu ŋu be, “Du siae woyɔna be tugbefia kple anyigba blibo la ƒe dzidzɔa?”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite