Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 24:3 - Agbenya La

3 Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ? Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ameka alia Yehowa ƒe to, eye ameka atsi tre ɖe eƒe teƒe kɔkɔe la?

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 24:3
19 Referans Kwoze  

Yehowa, ame kae dze anɔ wò kɔkɔeƒe la? Ame kae anɔ wò togbɛ kɔkɔe la dzi?


Eya ta esi míele mɔ kpɔm na fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o la xɔxɔ la, mina míada akpe ɖe eta, eye míasubɔ Mawu le mɔ si adze la dzi le vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya me,


Woayra ame siwo nètia, eye nèkplɔ wo vɛ be woanɔ wò xɔxɔnuwo! Ètsɔ wò aƒe me, wò gbedoxɔ kɔkɔe la me nu nyuiwo ɖi ƒoe na mí.


“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


“Meɖo nye ŋutɔ nye fia ɖe Zion, nye to kɔkɔe la dzi.”


Esi nèlia yi dzi la, ètɔ ka aboyomewo hekplɔ dzoe, èxɔ nunana tso amewo gbɔ, tso aglãdzelawo gɔ̃ hã gbɔ, be wò, O! Yehowa Mawu, àte ŋu anɔ afi ma.


Tete Mose gblɔ na Aron be, “Esiae Yehowa gblɔ esi wògblɔ be, ‘Maɖe ɖokuinye afia ame siwo tena ɖe ŋutinye la kɔkɔe eye woade bubu ŋunye le amewo katã ŋkume.’ ” Eye Aron zi ɖoɖoe kpoo.


Esi David wu xɔtutu nu na eɖokui le David ƒe Du la me vɔ la, edzra teƒe aɖe ɖo na Mawu ƒe nubablaɖaka la, hetu agbadɔ nɛ


Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”


Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi ka nèyina?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la, miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.”


Eye Yehowa gblɔ nam be, “Ame vi, lé ŋku ɖe nu ŋu nyuie, ɖo to nyuie, eye nàlé fɔ ɖe nu sia nu si magblɔ na wò tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe ɖoɖowo ŋuti kple afi siwo woato ado go le Kɔkɔeƒe la ŋuti.


Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye, ‘Amedzro aɖeke, ame si wometso aʋa na le dzi me kple ŋutilã me o la, mekpɔ mɔ age ɖe nye Kɔkɔeƒe la o, amedzro siwo le Israelviwo dome gɔ̃ hã mekpɔ mɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite