Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 2:4 - Agbenya La

4 Ame si woɖo zi dzi le dziƒo la ko nu, eye Yehowa ɖe alɔme le wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 2:4
13 Referans Kwoze  

Ke Aƒetɔ la le ame vɔ̃ɖiwo kom, elabena enya be woƒe ŋkeke la gbɔna.


O! Yehowa, wò koe le wo kom, èɖe alɔme le dukɔ mawo katã ŋu.


Eyae nye ame si nɔ fiazi dzi le xexea me godoo tame, eye anyigbadzinɔlawo le abe abɔwo ene le ete. Ekeke dziƒowo abe avɔ ene, eye wòwɔe abe avɔgbadɔ si me wonɔna la ene.


nye hã mako mi le miaƒe gbegblẽ ta eye maɖe alɔme le mia ŋu ne dzɔgbevɔ̃e ƒo ɖe mia dzi,


Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; Yehowa le eƒe fiazikpui dzi le dziƒo. Elé ŋku ɖe amegbetɔviwo ŋu, eye wòdo wo kpɔ.


elabena ale ame si nye gã, eye wòkɔ wu nuwo katã, ame si li tegbee, eye eƒe ŋkɔe nye Kɔkɔe la gblɔe nye esi, “Mele teƒe kɔkɔ si le kɔkɔe, gake meli kple ame si ƒe nu vɔ̃wo vee, eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me be magbɔ agbe ame si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe ame si ƒe nu vɔ̃wo vee la ƒe dzi.


Míaƒe Mawu la le dziƒo, eye nu sia nu si dze eŋu lae wòwɔna,


Woawoe ma ŋɔdzi lé, evɔ ŋɔdzinu aɖeke meli hafi o. Mawu gbã ƒu ɖe lãme na ame siwo tso ɖe mia ŋu la; ena ŋukpe lé wo, elabena Mawu gbe wo.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Dziƒoe nye nye fiazikpui, eye anyigbae nye nye afɔɖodzinu. Afi ka xɔ si miatu nam la le? Afi ka nye gbɔɖemeƒe anɔ.


Eya ame si nɔ blemalilikpowo dzi, eye wòɖe gbe kple gbe sesẽ aɖe.


Esiae nye Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe eŋuti: “ ‘Zion vinyɔnu si menya ŋutsu o la, do vlo wò eye wòɖu fewu le ŋutiwò. Yerusalem vinyɔnu ʋuʋu ta esi nèlé du tsɔ.


O! Nye ŋusẽ, mele nuwò kpɔm. O! Mawu, wòe nye nye mɔ sesẽ,


Mewu mo dzi na wò, wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite