Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 112:3 - Agbenya La

3 Kesinɔnu kple nu nyuiwo le eƒe aƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye nɔa anyi ɖikaa.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nu geɖe kple kesinɔnu le eƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 112:3
17 Referans Kwoze  

Kesinɔnu gã aɖe nɔa aƒe me na nunyala, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe hokpɔkpɔ hea dzɔgbevɔ̃e vɛ na wo.


Agbe didi le eƒe ɖusi ƒe asi me, eye kesinɔnuwo kple bubu le eƒe miasi ƒe asi me.


Ke midi Mawu ƒe fiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbã, eye woatsɔ nu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.


Anye gɔmeɖokpe sesẽ na míaƒe ɣeyiɣiwo. Anye nudzraɖoƒe gã na ɖeɖekpɔkpɔ, dziƒonunya kple sidzedze, eye Yehowavɔvɔ̃ anye safui na kesinɔnu sia.


Ema eƒe kesinɔnuwo na ame dahewo fũu, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi bobobo le bubu me.


Míaƒe dziwo sea veve ŋutɔ, eye míeléa blanui, gake Aƒetɔ la tsɔa eƒe dzidzɔ dea mía me. Míele abe ame siwo nye ame dahewo ene, gake míena ame geɖewo zu kesinɔtɔwo. Míedzena abe ame siwo si naneke mele o la ene, gake nu sia nu le mía si.


Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye ame siwo katã léa eƒe sewo me ɖe asi la, gɔmesese nyui sua wo si. Eya tɔe nye kafukafu tegbee.


Ŋutikɔkɔe kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔwo, eye eƒe dzɔdzɔenye li tegbee.


elabena gbagblaʋui aɖu wo abe avɔ ene, eye ŋɔ aɖu wo abe ɖetifu ene. Ke nye dzɔdzɔenyenye la anɔ anyi tegbee, eye nye xɔname anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.”


Dzɔdzɔenyenye ƒe ku anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe metsonu anye tomefafa kple dzideƒo tegbetegbe.


Ànyae be wò agbadɔ le dedie eye ne èxlẽ wò nunɔamesiwo la, àkpɔe be ɖeke mebu o.


Dɔ awu dzatawo, eye woagbɔdzɔ, gake ame siwo dia Yehowa ya la, kesinɔnu aɖeke mahiã wo o.


Miva, vinyewo, miɖo tom, ne mafia Yehowavɔvɔ̃ mi.


Nuɖuɖu vivi kple ami bɔ ɖe nunyala ƒe aƒe me fũu, gake bometsila ɖua nu sia nu si le esi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite