Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 102:4 - Agbenya La

4 Nye dzi xɔ abi, eye wòyrɔ abe gbe ene. Meŋlɔ nye nuɖuɖu gɔ̃ hã be.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe adzudzɔ ene, eye nye ƒuwo biã hẽ abe dzo ene.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 102:4
21 Referans Kwoze  

Gbe ƒuna, eye seƒoƒo yrɔna, elabena Yehowa ƒe gbɔgbɔ gbɔ ɖe wo dzi. Vavãe amewo katã le abe gbe ene.


elabena esusɔ vie woayrɔ abe gbe ene, eye abe gbe mumu ene la, woaku wo atsɔ aƒu gbe.


O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu. Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Sela


Ale Ezra dzo le Mawu ƒe aƒe la ŋkume heyi ɖe Yehohanan, Eliasib ƒe vi ƒe xɔ me. Esi wònɔ afi ma la, meɖu nu alo no tsi o, elabena eganɔ konyi fam ko tso aboyometsolawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ŋu.


Enɔ dua me ŋkeke etɔ̃ numaɖumaɖu kple tsimanomanoe.


Meɖo ŋku wo katã dzi nyuie eye nye luʋɔ bɔbɔ eɖokui le menye.


Etsɔ aŋutrɔwo le eƒe daku me tsɔ ŋɔ nye dzi.


Nye ŋkekewo le abe fiẽ ƒe vɔvɔli ene, eye meyrɔ abe gbe ene.


Elabena meɖu dzowɔ abe nuɖuɖu ene, eye metsɔ aɖatsi tɔtɔ nye nunonoe,


Vlododo na nye dzi gbã, eye mezu xɔnamemanɔsitɔ; mekpɔ mɔ na babadoname, gake ɖeke meli o. Mekpɔ mɔ na akɔfalawo, gake nyemekpɔ ɖeke o.


Nye luʋɔ le nu xam le menye, eya ta maɖo ŋku dziwò le Yɔdanyigba dzi, le Hermon tame ke kple Mizar to dzi.


ale be eya ameti bliboa nyɔa ŋu nuɖuɖu eye eƒe luʋɔ doa vlo nuɖuɖu vivitɔ gɔ̃ hã.


“Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ, eya ta maɖe asi le nye konyifafa ŋu wòado bababa eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesese me.


Ŋusẽkatãtɔ la ƒe aŋutrɔwo le nye lãme, nye gbɔgbɔ le aɖi si le dodom le wo me la nom. Woƒo Mawu ƒe ŋɔdzidodowo nu ƒu ɖe ŋunye.


Ametsitsi siwo le eƒe aƒe me la kpɔ egbɔ be woana wòafɔ aɖu nu, gake egbe fɔfɔ eye melɔ̃ hã be yeaɖu naneke kpli wo o.


Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi hele fofom le ŋutinye eye asrã dze dzinye kple dzoxɔxɔ gã aɖe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite