Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 102:3 - Agbenya La

3 Elabena nye ŋkekewo nu va yi abe dzudzɔ ene, eye nye ƒuwo xɔ dzo hẽe abe dzokpo ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Megaɣla wò mo ɖem le nye xaxagbe o, ƒu to anyi ɖe ŋunye! Netsɔ, naɖo tom le gbesigbe meyɔ wò!

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 102:3
11 Referans Kwoze  

Nu ka ta? Elabena mienya nu si ava adzɔ etsɔ si gbɔna la gɔ̃ hã o. Nu ka miaƒe agbe nye? Miele abe afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe, eye wògabuna la ene.


“Eɖo dzo ɖa tso dziƒo, ena wòɖiɖi ɖe nye ƒuwo me. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo eye wògbugbɔm ɖe megbe. Ewɔm mezu gbegbe heku ƒenyi ŋkeke blibo la katã.


Ke ame vɔ̃ɖi ya atsrɔ̃. Yehowa ƒe futɔwo anɔ abe gbe ƒe seƒoƒo ene, woanya kpɔ nyuie, gake wo nu ava yi, woabu abe dzudzɔ ene.


Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖitsiɖi hele fofom le ŋutinye eye asrã dze dzinye kple dzoxɔxɔ gã aɖe.


Vevesese sɔŋ yɔ nye agbe me, eye ŋeŋe xɔ nye agbenɔƒewo me. Ŋusẽ vɔ le ŋunye le nye fukpekpewo ta, eye nye ƒuwo hã nyunyɔ ɖe lãme nam.


Ena be nye ŋutilã kple nye ŋutigbalẽ do xoxo eye wògbã ƒu ɖe lãme nam.


Togbɔ be mele abe waingolo le dzudzɔ me ene hã la, nyemeŋlɔ wò sededewo be o.


Wò dziku helĩhelĩ la wɔe be ŋusẽ aɖeke megale menye o; nye ƒuwo tugu le nye nu vɔ̃ ta.


Mègaɣla wò ŋkume ɖem o, mègatrɔ wò dɔla ɖo ɖa le dɔmedzoe me o, elabena wòe nye nye xɔnametɔ. O! Mawu, nye Ɖela, mègagbe nu le gbɔnye alo agblem ɖi o.


Le wò ŋkɔ la ta, kplɔm, eye nàfia mɔm, elabena wòe nye nye agakpe kple mɔ sesẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite