Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 102:1 - Agbenya La

1 O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye kokoƒoƒo hena kpekpeɖeŋu neɖo gbɔwò.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Hiãtɔ ƒe gbedodoɖa, ne nu te eŋu, eye wòtrɔ eƒe konyifafawo ƒo ɖe Yehowa ŋku me.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 102:1
28 Referans Kwoze  

Meyɔ Yehowa le nye xaxa me; medo ɣli na nye Mawu be wòaɖem. Ese nye gbe tso eƒe gbedoxɔ me ke, eye nye ɣlidodo ɖo egbɔ, ge ɖe eƒe to me.


Meyɔ wò tso anyigba ƒe mlɔenu, meyɔ wò, esi nu te nye dzi ŋu belibelibeli; azɔ kplɔm yi ɖe agakpe si kɔ wum la dzi,


“O! Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu nede to me na wò; mègado toku nye avifafa o. Amedzro kple mɔzɔla menye le gbɔwò abe ale si fofonyewo katã nɔ ene.


Le ƒe aɖewo megbe la, Egipte fia la ku. Israelviwo nɔ konyi fam henɔ hũu ɖem le woƒe kɔkutiwo te le woƒe kluvinyenye ta, eye wonɔ avi fam vevie le Mawu ŋkume. Woƒe avifafa ɖo Mawu gbɔ le dziƒo.


Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.


elabena eƒe gbɔgbɔ nɔ veve sem ale gbegbe be fifia nɔ dzadzam le eŋu abe ʋu ene ɖe anyigba le esime wònɔ gbe dom ɖa atraɖii.


Ètsɔ lilikpo tsyiɔ ɖokuiwò dzi ale be, gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o.


Ne meyɔe alo do ɣli be wòaxɔ nam gɔ̃ hã la, edoa ʋɔ ɖe nye gbedodoɖa nu.


O! Yehowa, tɔ nam kaba, elabena nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Mègaɣla wò mo ɖem o, ne menye nenema o la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime ene.


Nu te nye gbɔgbɔ ŋu le menye, eye nye dzi wɔ yaa le menye.


Fianye kple Mawunye, ɖo to nye ɣlidodo, elabena wòe mele gbe dom ɖa na.


Azɔ la, nunɔlawo kple Levitɔwo tsi tsitre, yra ameawo eye Yehowa se woƒe gbedodoɖawo le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me le dziƒo.


“Le etsɔ si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi la, maɖo ame aɖe ɖe wò tso Benyamin ƒe anyigba dzi. Si ami nɛ ne wòazu Israelviwo ƒe kplɔla. Eyae aɖe wo tso Filistitɔwo si me elabena mekpɔ nublanui na wo eye mese woƒe ɣlidodo.”


Israelviwo trɔ le mawu bubuawo yome eye wosubɔ Yehowa ɖeɖe ko. Woƒe blanuiléle do nuxaxa na Yehowa.


Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe dzimedidiwo na wo, esea woƒe ɣlidodo, eye wòɖea wo.


O! Mawu, meɖo ŋku dziwò, eye meɖe hũu. Mele ŋeŋem, eye nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Sela


O! Mi dukɔwo, miɖo dzi ɖe eŋu ɣe sia ɣi; mitsɔ miaƒe hiahiãwo kɔ ɖe edzi, elabena Mawue nye míaƒe sitsoƒe. Sela


Nu siawo dzi meɖo ŋkue esi meyi ɖokuinye me. Tsã la, nyee kplɔa amehawo; menɔa ŋgɔ kplɔa wo yina ɖe gbedoxɔ me, eye dzidzɔɣli kple kafukafuhawo dea dzi le ŋkekenyuiɖulawo dome kɔtɔɔ.


Yehowa be, “Esi wotea ame gblɔewo ɖe to, eye hiãtɔwo ŋena ta la, matso azɔ. Maɖe wo tso ame siwo le vlo dom wo la ƒe asi me.”


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite