Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 10:2 - Agbenya La

2 Ame vɔ̃ɖi dadala he hiãtɔ ƒu anyi, ke wògena ɖe mɔ si wòtre da ɖi la me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dada doa dzikatsoƒoe na hiãtɔwo; woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe aye, si woɖo la, ale woe.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 10:2
18 Referans Kwoze  

Nya sia nya si doa le wo nu la nye nu vɔ̃, woƒe dada nazu abe mɔ ene aɖe wo, Le fiƒodenya kple alakpanya siwo wogblɔ ta la,


Dadalawo megaɖo afɔ dzinye, alo ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi nanyam o.


Dzɔgbevɔ̃e si wòhe vɛ la atrɔ abali ɖe eya ŋutɔ ŋuti, eye eƒe ŋutasesẽ atrɔ ava eya ŋutɔ ƒe ta dzi.


Ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖi siwo wòwɔna la zua mɔ ɖenɛ, eye eƒe nu vɔ̃ zua ka blanɛ sesĩe.


Kpɔ wò dɔla la ƒe dedinɔnɔ gbɔ, mègana dadalawo natem ɖe to o.


De ga nu na woƒe alakpanuyiwo, elabena wotsɔa dada kple ɖekematsɔleme gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe ŋu.


Dada tre mɔ da ɖe ɣaɣlaƒe nam, woɖo ɖɔ, keke eme da ɖi nam eye wotre azãwo da ɖe nye toƒe. Sela


Dadalawo ɖe ʋe ɖi nam, nu si tsi tsitre ɖe wò se la ŋu.


Togbɔ be dadalawo tsɔ alakpa sisi ɖe ŋunye keŋ hã la, melé wò sewo me ɖe asi kple nye dzi blibo.


Hosaya ƒe vi, Azaria, Karea ƒe vi, Yohanan kple ŋutsu tosesẽtɔwo katã gblɔ na Yeremia be, “Aʋatso kam nèle! Yehowa, míaƒe Mawu la medɔ wò be nàgblɔ be, ‘Migayi Egipte, ne mianɔ afi ma o.’


Ame siwo kpɔ wò la, woafɔ ŋku ɖe dziwò, eye woabu nu si dzɔ ɖe dziwò la ŋuti ahabia be, “Ɖe menye ame siae nye ame si ʋuʋu anyigba la, eye wòna fiaɖuƒewo dzo nyanyanya,


Ègblɔ le wò dzi me be, “Malia nu ayi ɖe dziƒo. Mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo tame. Manɔ nye fiazikpui dzi le takpekpeto la dzi, le to kɔkɔe la tame ʋĩi ke.


O! Ɖe nye mɔwo li ke sesĩe le wò sewo dzi wɔwɔ me la, anyo ŋutɔ.


Menya azɔ be Yehowa tri akɔ wu mawu bubu ɖe sia ɖe, elabena eɖe eƒe amewo tso Egiptetɔwo, ame siwo nye dadalawo kple ame vɔ̃ɖiwo la ƒe asi me.”


Ke ègatsi tsitre ɖe nye ameawo ŋu kokoko, eye nègbe be yemaɖe asi le wo ŋu woadzo o,


elabena mebu dɔmenyowɔwɔ ŋuti kpɔ o, ke boŋ eƒo hiãtɔ, ame dahe kple ame si ƒe dzi gbã la ƒu anyi woku.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite