Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Psalmowo 1:5 - Agbenya La

5 Eya ta ame vɔ̃ɖi manɔ te le ʋɔnudrɔ̃gbe, alo nu vɔ̃ wɔlawo nanɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eyata ame vɔ̃ɖiwo manɔ te le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, eye nuvɔ̃wɔlawo mana te ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe ha me o.

Gade chapit la Kopi




Psalmowo 1:5
12 Referans Kwoze  

Ɖokuiŋudzelawo mate ŋu atsi tsitre ɖe ŋkuwò me o; elabena èlé fu nu vlo wɔlawo katã.


“Ale ame siawo ayi ɖe fukpekpe mavɔ me. Ke ame dzɔdzɔewo ayi agbe mavɔ la me.”


Ekema miakpɔ vovototo si le ale si Mawu wɔna na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa toe kple ame vɔ̃ɖi siwo meɖoa toe o la dome.”


“Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me,


Minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye miado gbe ɖa be ne edze Mawu ŋu la, miagakpɔ nu dziŋɔ siawo dometɔ aɖeke teƒe hafi miatsi tsitre ɖe Amegbetɔ Vi la ŋkume o.”


Ekema dukɔ siwo katã le xexea me alo ame siwo katã le xexea me la aƒo ƒu ɖe ŋkunyeme, eye mama ameawo me ɖe akpa eve abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene.


Alea tututu wòanɔ le xexea me ƒe nuwuwu hã. Mawudɔlawo ava ma ame vɔ̃ɖiwo ɖa tso ame dzɔdzɔewo gbɔ,


ne wòadrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame, ne wòabu fɔ mawumavɔ̃lawo ɖe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi hekpe ɖe nya vlo siwo katã nu vɔ̃ wɔla siawo gblɔ ɖe eya amea ŋuti la ta.”


Mègatsɔ nye luʋɔ kpe ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ŋuti kple nye agbe kpe ɖe hlɔ̃dolawo ŋuti,


Yehowa ɖe eɖokui fia to eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me; ame vɔ̃ɖiwo ƒe asinudɔwɔwɔwo atsɔ wo ade mɔ me. Ŋugbledede. Sela


Ame kae alia Yehowa ƒe togbɛ? Ame kae atsi tsitre ɖe eƒe kɔkɔeƒe la?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite