Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Filipitɔwo 3:19 - Agbenya La

19 Woƒe nuwuwu anye tsɔtsrɔ̃, woƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe ŋutikɔkɔe nye woƒe ŋukpe. Wobua ta me tso anyigbadzinuwo ko ŋu.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Amesiwo ƒe nuwuwu enye gbegblẽ, amesiwo ƒe ƒodo nye mawu na wo, eye woƒe kafukafu le woƒe ŋukpenanuwo me, amesiwo susua anyigbadzinuwo ŋuti ɖeɖeko.

Gade chapit la Kopi




Filipitɔwo 3:19
52 Referans Kwoze  

Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie, eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu.


Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.


Mina dziƒonuwo ŋuti bubu naxɔ miaƒe susuwo me; migagblẽ miaƒe ɣeyiɣiwo anɔ anyigbadzinuwo ŋuti bum o.


Gake aʋatsonyagblɔɖilawo nɔ ameawo dome abe ale si aʋatsonufialawo anɔ miawo hã domee ene. Woahe nu dada fiafiawo vɛ le adzame, woagbe nu gɔ̃ hã le Aƒetɔ ŋusẽkatãtɔ si ƒle wo la gbɔ, eye woahe gbegblẽ ava woawo ŋutɔ ɖokui dzi kaba.


Eya ta menye nu wɔnuku aɖeke wònye kura be Satana ƒe dɔlawo trɔ wo ɖokuiwo abe Kristo ƒe dɔlawo ene o, gake le nuwuwu la, woahe to na wo ɖe woƒe nuwɔnawo ta.


Ke mawɔ nu si meɖo la dzi be matsɔ ɖe ke le miaƒe apostolo siwo le adegbe ƒom be yewo hã Mawu ƒe dɔ ko wɔm yewole abe míawo ke ene la te.


Zi ale si nunɔlawo le agbɔ sɔm ɖe edzi la, zi nenema kee wole nu vɔ̃ wɔm ɖe ŋutinye, eya ta matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu ŋukpe na wo.


Woaxɔ madzemadzenyenye ƒe fetu: Ame siwo bua gbe sia gbe ƒe aglotutu dzidzɔdonui, ɖiƒoƒo kple ŋukpe wonye. Wotsɔa nu siwo wokpɔ to woƒe amebeble me la ɖua nu tsui; evɔ la, wonɔa anyi ɖe kplɔ̃ ɖeka ŋu ɖua nu kpli mi.


Ame siwo wotso aʋa na gɔ̃ hã la mewɔa se la dzi o, ke boŋ wole didim be woatso aʋa na mi, ale be woaƒo adegbe le miaƒe ŋutilã ŋu.


gake vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo, ame vɔ̃ɖiwo, hlɔ̃dolawo, ahasiwɔlawo, akunyawɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple alakpatɔwo katã la, woƒe nɔƒe anye aŋɔdzota si le bibim ŋɔdzitɔe la me. Esiae nye ku evelia.”


elabena va se ɖe fifi hã la, miegale ko abe ɖeviwo ene le kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Nu sia nu si dze mia ŋu lae miewɔna, ke menye ɖe Mawu ƒe didi dzi o. Nu si tututu fia be mieganye ɖeviwo ko lae nye ale si miema ɖe hatsotso vovovowo me, eye dzre, ŋuʋaʋã kple liʋĩliʋĩlilĩ sɔŋ xɔ aƒe ɖe mia me. Le nyateƒe me la, miaƒe nuwɔnawo dze ko abe ame siwo menya Aƒetɔ la kura o la tɔ ene.


O! Yehowa, tsɔ wò asi ɖem le ame siawo tɔgbi kple xexemetɔ siawo ƒe asi me, ame siwo ƒe fetu le agbe sia me. Ètsia ame siwo nèlɔ̃ vevie la ƒe dɔwuame nu; wo viŋutsuwo kpɔ nu nyui geɖe, eye wodzraa kesinɔnuwo ɖo ɖi na wo viwo.


Ke avuwo, akunyawɔlawo, ahasiwɔlawo, hlɔ̃dolawo, trɔ̃subɔlawo kple ame siwo lɔ̃a aʋatso, eye wokanɛ hã la atsi agbo la godo.


Ame siawo nye liʋĩliʋĩlĩlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia nu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu, eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui.


amegɔmezɔlawo, dzimagbɔɖitɔwo, ɖokuiŋudzelawo, ame siwo lɔ̃a xexemedzidzɔ wu Mawu,


Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.


eye woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã pɛpɛpɛ be woxɔ alakpa dzi se, wogbe nu le nyateƒe la gbɔ, eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe nu vɔ̃wo me.


Edze abe ɖe bubuawo katã tsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ŋuti, eye menye ɖe Yesu Kristo tɔwo ŋu o ene.


Enye nublanui ŋutɔ be, togbɔ be nu dziŋɔ sia le edzi yim le mia dome hã la, miegale mia ɖokuiwo bum ame kɔkɔewoe. Mienyae be, “Deku ɖekae gblẽa bubuawo katã oa?” Eye ne mieɖe mɔ be ame ɖeka nawɔ nu vɔ̃ sia ɖe, magblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu oa?


Ke esi nu sia ƒomevi le edzi yim le mia dome la, ɖe miegale mia ɖokuiwo bum be yewode ŋgɔ le gbɔgbɔ mea? Ɖe wòle be mialé blanui afa konyi ŋukpetɔe eye miaɖe ame sia le hamea me enumake!


“Ke miawo ya miedo gui hele gbɔgblɔm be, ‘Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu mekɔ o,’ eye ‘edzinuɖuɖu le ŋu nyɔm.’


Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la, ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee.


Ke nu si miewɔna la nye dada kple ɖokuidodoɖedzi ƒuƒlu. Adegbeƒoƒo siawo tɔgbi katã nye nu vɔ̃,


Ekema ŋutsu vɔ̃ɖi sia ava do, eye Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe ya si wògbɔna to eƒe nu me la afiae, eye ne etrɔ va la, atsrɔ̃ ŋutsu sia ɖa le anyigba dzi.


“Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la, egblɔ na eɖokui be, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la,


“Ke ŋutsu kesinɔtɔ aɖe nɔ anyi, ame sia doa awu xɔasiwo, eye wònɔa dzidzɔkpɔkpɔ dzi gbe sia gbe.


Eye manɔ anyi agblɔ na ɖokuinye be, “Nɔvi èdzra nuɖuɖu geɖewo ɖo ɖi hena ƒe geɖe siwo gbɔna, eya ta xɔ gbɔgbɔ nàɖe dzi ɖe anyi, ɖu nu, nano nu, eye nàɖu agbe nyuie.” ’


“Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me,


Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ be, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Ènye nukikli le mɔ me nam, elabena Mawu me nuwo mele susu me na wò o, negbe amegbetɔwo tɔ ko. Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.”


Miaƒe kplɔlawo xɔa zãnu hafi drɔ̃a ʋɔnu. Miaƒe nunɔlawo fiaa nu ɖe ga si woaxɔ ta eye miaƒe Nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi ɖe ga ta gake woziɔna ɖe Yehowa ŋu gblɔna be: “Yehowa le mia dome eya ta vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o.”


Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mi nyagblɔɖila siwo kplɔa nye amewo tranae; ne ame aɖe na nu wo, woɖu la, wodoa ŋutifafa nɛ; ke ne ame aɖe mena nu wo o la, wohoa aʋa ɖe eŋuti.


Mienoa woƒe notsi, miedoa awu siwo wotsɔ woƒe alẽfu wɔe, eye miewua lã damitɔwo, ke mieléa be na alẽhawo o.


Nu ka ta nètsɔ nu vɔ̃ɖi le adegbe ƒom, wò kalẽtɔ? Nu ka wɔ nèle adegbe ƒom ŋkeke blibo la, wò ame si nye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume?


Egblɔ le eƒe dzi me dadatɔe be, ‘Menɔ anyi abe nyɔnufia ene, nyemenye ahosi o, eye nyemafa konyi akpɔ o.’ Eya ta tsɔ fuwɔame kple vevesese nɛ wòasɔ gbɔ abe ale si wòtsɔ ŋutikɔkɔe kple kesinɔnuwo na eɖokui ene.


Mele esia gblɔm, elabena ame aɖewo, ame siwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ woŋlɔ da ɖi tso blema ke la va tra wo ɖokuiwo ɖe mia dome dzaa. Wonye mawumavɔ̃la, siwo trɔ míaƒe Mawu la ƒe amenuveve wòzu mɔɖeɖe na ŋunyɔnuwo wɔwɔ, eye wogbe nu le Yesu Kristo, míaƒe dziɖula ɖeka hɔ̃ɔ kple Aƒetɔ la gbɔ.


Ekema viɖe ka miekpɔ ɣe ma ɣi tso nu siwo le ŋu kpem na mi azɔ la me? Nu mawo katã kplɔa mí yia ku me!


Miegblɔ nya vlowo ɖe ŋunye le nye amewo dome ɖe lu asiʋlo ʋɛ aɖewo kple abolo kakɛwo ta. To miaƒe aʋatsokaka na nye ame siwo ɖoa to miaƒe alakpanyawo me la, miewu ame siwo maku hafi o, eye mieɖe ame siwo matsi agbe hafi o la ƒe agbe.’


Ekema nu ka ta miele ŋu klẽm ale ɖe vɔsanu bubu siwo ameawo tsɔna vanɛ nam la ŋu? Nu ka ta nède bubu viwòwo ŋu wu ŋunye? Nu nyui siwo Israel, nye amewo tsɔna vanɛ la na be wò kple woawo siaa mieda ami!


Ke boŋ míawɔ nu sia nu si míegblɔ be míawɔ, míado dzudzɔʋeʋĩ na Dziƒofianyɔnu, eye míaƒo aha ɖi nɛ abe ale si ko mía fofowo, míaƒe fiawo kple dumegãwo wɔe le Yuda duwo kple Yerusalem kpɔdomewo ene. Le ɣe ma ɣi la, nuɖuɖu geɖe nɔ mía si, agbe hã dze dzi na mí nyuie eye míekpe hiã aɖeke o.


Woahe to na wo le dzomavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o. Gawu la, womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o,


Gake ame siawo ya ƒoa nu kple dzugbe ɖe nu sia nu si gɔme womese o la ŋuti, eye nu sia nu si gɔme wose to seselelãme me abe lã siwo mebua ta me o ene la, nu siawo kee nye nu siwo gblẽa wo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite