Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:7 - Agbenya La

7 Ame siwo le dziwò la, anya wò ɖe nu va se ɖe wò liƒowo dzi ke, xɔ̃wòwo able wò eye woaɖu dziwò. Ame siwo ɖua wò abolo la, atre mɔ na wò, ke mànyae be mɔ le afi ma o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Wò dzoɖuxɔlɔ̃wo katã nyã wò vaseɖe liƒo dzi ke, xɔ̃wòwo ble wò, eye wokpe dziwò; wò aboloɖulawo ɖo mɔ̃ ɖe tewò, ke mèdze sii o.

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:7
16 Referans Kwoze  

Xɔ̃nye si tsi metoa nye kplii dome o, ame si dzi meka ɖo, eye wòɖua nu kplim la kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋutinye.


Ku ɖe Edom ŋuti: Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Nunya megale Teman oa? Ɖe aɖaŋudede vɔ le ame ŋkuta sia? Ɖe woƒe nunya lé ɣebia?


Wò lɔlɔ̃tɔwo katã ŋlɔ wò be, wometsɔ ɖeke le eme na wò o. Metu nu kpli wò abe ale si futɔ awɔ wòe ene, eye mehe to na wò abe ale si ŋutasẽla awɔe ene, elabena wò agɔdzedze lolo ŋutɔ, eye wò nu vɔ̃wo hã sɔ gbɔ.


“Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’


Efraim se veve abe nyɔnu si le ku lém la ene, gake ele abe vi manyanu ene, elabena ne eƒe ɣeyiɣi de la, medoa ta ɖe vidzidɔ nu o.


“Meyɔ xɔ̃nyewo gake woflum. Nye nunɔlawo kple dumegãwo siaa tsrɔ̃ le dua me esime wonɔ tsatsam le nuɖuɖu dim be woaɖu atsi agbe.


‘Woakplɔ nyɔnu siwo katã susɔ ɖe Yuda fia ƒe fiasã me la vɛ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo. Nyɔnuawo agblɔ na wò be: “ ‘Xɔ̃wò siwo dzi nèka ɖo la kplɔ wò trae, eye woɖu dziwò. Wò afɔ ɖo ba, eye xɔ̃wòwo kaka le ŋuwò.’


Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”


O, wò ame si wotsrɔ̃, nu ka wɔm nèle? Nu ka ta nètsɔ awu dzĩ kple sikanuwo do? Nu ka ta nètsɔ ɖoŋkui sisi ɖe ŋkuta ɖo? Dzodzroe nèwɔ leke na ɖokuiwò. Wò lɔlɔ̃tɔwo do vlo wò eye wole wò agbe yome tim.


Wainka la kuna, ŋena dzea anyi, eye nyɔnuwo fɔnɛ doa dzoe, elabena wonye ame masenugɔmewo. Eya ta woƒe Wɔla metrɔ dɔ me ɖe wo ŋu o, eye woƒe Wɔla meve wo nu o.


O! Yehowa, ke wò ya kpɔ nye nublanui, kɔm ɖe dzi be maɖo teƒe na wo.


“Efraim le abe ahɔnɛ movitɔ aɖe ene, eyɔa Egipte be wòakpe ɖe ye ŋuti, eye wòdzona yia Asiria.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite