Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:5 - Agbenya La

5 “Ne fiafitɔwo va fi wò, eye adzodalawo va dze dziwò le zã me hefi wò nuwo ɖe, womagblẽ nanewo ɖi na wò oa? O, gbegblẽ gã ka wòanye anɔ lalawòm! Ne waintsetsefilawo hã va wò waingble me ɖe, ɖe womagblẽ ʋɛ aɖewo ɖi na wò o mahã?

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nenye fiawo kple adzodalawoe ƒo ɖe dziwò le zã la, ɖe womafi nu alesi ko asu wo nu oa? Ke aleke wòa nèhetsrɔ̃e! Nenye weinxalawoe ƒo ɖe dziwò la, ɖe womakpɔtɔ ɖe ɖi oa?

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:5
13 Referans Kwoze  

Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la, ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa? Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la, ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa?


Se sia kee le wò wain tsetsewo gbegbe hã ŋu. Ne ègbe wò wain tsetsewo la, mègatsa le alɔawo dzi zi evelia o, ke boŋ gblẽ kutsetse siwo tsi atia dzi la ɖi na hiãtɔwo.


Kutsetse ʋɛ aɖewo asusɔ abe ale si ne wogbe amiti vɔ, eye kutsetse eve alo etɔ̃ aɖewo susɔna ɖe eƒe adzame ene. Wo ame ene alo atɔ̃ nɔa atiawo ƒe alɔwo dzi la ene.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.


Esiawoe nye nu siwo ava dzɔ ɖe du si kpɔ dzidzedze, eye wòle tomefafa me la dzi. Du sia gblɔ na eɖokui be, “Le xexea me katã la, du aɖeke mekpɔ ŋusẽ de nunye o.” Gake azɔ, mikpɔ ɖa, eyae nye du si gbã gudugudu, zu gbegbe na lãwo kple xewo! Azɔ ame sia ame si ava to eŋuti la ado tsiã, aʋuʋu ta, elabena maxɔe ase o.


Baba nam! Elabena mele ko abe ame aɖe si le kutsetse dim vevie le ati dzi le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene. Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe, aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.


“Aleke du si yɔ fũu kple amewo tsã la ɖi gbɔlo ale! Du si nye du gã le duwo dome la le azɔ abe ahosi ene! Duwo ƒe Fianyɔnu zu kluvi egbe.


Aleke woŋe, eye wohekaka anyigba blibo la ƒe zu ale! Aleke Babilonia zu gbegbe le dukɔwo dome ale!


Alea wòanɔ le anyigba la dzi kple dukɔwo dome. Anɔ abe amiti si dzi wogbe kutsetsewo katã vɔ le alo abe wainka si dzi wogbe wain tsetsewo le hegble kutsetse wuwlui aɖewo ko ɖo la ene.


Aleke nèhege tso dziƒoe, o ŋukeɣletivi! Wokɔ wò ƒu gbe ɖe anyigba dzi; wò ame si te dukɔwo ɖe anyi kpɔ!


“Oo, Israel, wò ŋutikɔkɔe Nye ekema wowu ɖe wò towo dzi. Aleke kalẽtɔwo tsi aʋa ale!


Eƒe fuwɔame ado ŋɔdzi na wo ale gbegbe be woanɔ adzɔge ke anɔ avi fam kple ɣli be, “ ‘Baba! O du gã, baba na wò. O Babilonia, du si ŋu ŋusẽ le! Le gaƒoƒo ɖeka me, wò tsɔtsrɔ̃ va ɖo!’


Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye si, “Mina ne woaxa Israel ƒe ame susɔeawo abe ale si woxaa waintsetse le kawo ŋu ƒiaƒiaƒiae ene. Gatsɔ wò asiwo lili kawo ŋu abe ame si le wain gbem la ene.”


Asrafo kalẽtɔ gãtɔ kekeake le Teman hã azu vɔvɔ̃nɔtɔ eye ame sia ame si le Esau ƒe towo dzi la, atsi yi nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite