Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:3 - Agbenya La

3 Wò dzi ble wò, eye nèdana elabena èle agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Ègblɔ le wò dzi me be: ‘Ame kae ate ŋu atutum aƒu agame?’

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Wò dzi ƒe dàda ble wò, wò amesi le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe kɔkɔƒewo, wò amesi le gbɔgblɔm le wò dzi me be: Ameka atutum aƒu anyi?

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:3
21 Referans Kwoze  

Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò, wò si le agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la, mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,” Yehowae gblɔe.


Ŋutsu si dana la ɖua ŋukpe, ke wobua ŋutsu si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi le gbɔgbɔ me.


Míese nu tso Moab ƒe dada, eƒe asitɔtɔ akɔ kple ɖokuidodoɖedzi, eƒe dada kple eƒe amemabumabu ŋu, gake eƒe adegbeƒoƒowo katã nye dzodzro,


Amaziae wu Edomtɔ akpe ewo le Dze Balime. Exɔ Sela du la hã eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ bena Yɔkteel. Ŋkɔ sia tsi eŋu va se ɖe egbe.


Edom gblɔ be, “Togbɔ be wogbã mi hã la, míagatso aƒedoawo.” Ke Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la agblɔ be, “Migbugbɔ tso duawo ne miate ŋui, gake magagbã wo, elabena woƒe dukɔa ŋkɔe nye, Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba, ame siwo ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa.


Nu ka ŋuti mietsɔ miaƒe balimewo le adegbe ƒom, adegbe ƒom be kutsetse geɖe do go tso wo me? O vinyɔnu ahasitɔ, èda wò susu ɖe wò kesinɔnuwo dzi eye nègblɔ be, ‘Ame kae adze dzinye?’


Hafi ame aɖe nadze anyi la, dada nɔa eƒe dzi me, ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.


Wolé ame akpe ewo bubu agbagbe, kplɔ wo yi to aɖe tame; wotu asi wo tso afi ma eye woge dze agakpewo dzi le balime la, nuvevi wɔ wo eye woku.


Dzi ɖo Amazia ƒo, ekplɔ eƒe aʋakɔ yi Dze Balime eye wowu ame akpe ewo tso Seir.


Togbɔ be eƒe dada yi ɖatɔ dziƒo, eƒe ta yi ɖatɔ lilikpowo ke hã la,


Metso ɖe ŋutiwò, Yerusalem, wò si le bali sia ƒe dzigbe le agakpeto tame, mi ame siwo gblɔ be, “Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe mía nu? Ame ka ate ŋu age ɖe míaƒe bebeƒe la me?” Yehowae gblɔe.


“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Migable mia ɖokuiwo, asusu be, ‘Babiloniatɔwo aɖe asi le yewo ŋuti o.’ Womaɖe asi o!


Mi Moabtɔwo, misi le miaƒe duwo me, miayi aɖanɔ agakpewo tome. Minɔ abe akpakpa si wɔ atɔ ɖe agado nu ene.”


Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.


To wò asitsatsa yi teƒe geɖewo me la, ŋutasesẽ yɔ mewò, eye nèwɔ nu vɔ̃. Eya ta menya wò ŋukpedoametɔe le Mawu ƒe to la dzi; menya wò kerubi, amedzikpɔla, le dzokpeawo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite