Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:12 - Agbenya La

12 Gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe nɔviwòa dzi la, mele be wòazu ŋunyɔnu na wò o alo nàkpɔ dzidzɔ gbe si gbe wogbã Yuda gudugudu alo aƒo adegbe le gbe si gbe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke megafɔ ŋku ɖe nɔviwò dzi le eƒe ŋkeke la dzi, le eƒe dzogbevɔ̃egbe o, megakpɔ dzidzɔ ɖe Yuda-viwo ŋu le woƒe tsotsrɔ̃gbe o, eye megake wò nu baa le xaxagbe o.

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:12
27 Referans Kwoze  

Ke azɔ la, dukɔ geɖewo wɔ ɖeka wɔ babla ɖe mia ŋuti; Wogblɔ be: “Mina míado gui eye míaƒe ŋkuwo natsa le Zion.”


Esi miekpɔ dzidzɔ esime Israel ƒe aƒe ƒe domenyinu zu gbegbe ta la, nu si mawɔ wòe nye àzu gbegbe, O! Seir to, wò kple Edom blibo la. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.” ’ ”


Ame si ɖea alɔme le ame dahe ŋuti la doa vlo woƒe Wɔla eye ame si kpɔa dzidzɔ be dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, womagbe tohehe nɛ o.


“Mèganɔ nu ƒom dadatɔe nenema o, elabena Yehowae nye Mawu si nya nu sia nu eye wòdaa miaƒe nuwɔnawo kpɔna.


Elabena wotsɔa woƒe nu gblɔa nya dzodzro, siwo me dada le, wotsɔa ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo blea ame siwo si le ame vɔ̃ɖiwo nu fifi laa la nu.


Ame siawo nye liʋĩliʋĩlĩlawo kple ame siwo kpɔa vodada le nu sia nu ŋu. Wodzea woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome, woƒoa adegbe le woawo ŋutɔ ɖokuiwo ŋu, eye wokafua amewo alakpatɔe hena woawo ŋutɔ ƒe nyui.


Ke Aƒetɔ la le ame vɔ̃ɖiwo kom, elabena enya be woƒe ŋkeke la gbɔna.


De ga nu na woƒe alakpanuyiwo, elabena wotsɔa dada kple ɖekematsɔleme gblɔa nya vlo ɖe ame dzɔdzɔe ŋu.


Mate ŋu axlẽ nye ƒuwo, amewo fɔ ŋku ɖe dzinye, eye wokpɔ dzidzɔ le nye anyidzedze ŋuti.


“Nenye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye futɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e me dzedze ŋu alo dzɔ dzi le hiã siwo tui ta la, eya ko magblɔ nya aɖe.


Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo, eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-eve.


Nenema ke, ame ƒe aɖe nye ŋutinu sue aɖe ko, gake etea ŋu ƒoa adegbe gã. Mikpɔ ale si dzoxi sue aɖe tea ŋu tɔa dzo ave gãwoe la ɖa.


Esi wote ɖe Yerusalem ŋu, eye wòkpɔ dua la, efa avi ɖe eŋu,


O, Edom vinyɔnu, tso aseye, wò ame si le Uznyigba dzi. Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na, amu wò eye woaɖe ama wò.


To wò ame dɔdɔwo dzi nèɖe alɔme le Aƒetɔ la ŋu hegblɔ be, ‘Metsɔ nye tasiaɖamwo, lia yi towo tame ke, yi keke Lebanon tame ke. Melã eƒe sedati kɔkɔwo kple eƒe avemeti nyuitɔwo, meyi eƒe teƒe kɔkɔtɔ kekeake afi si eƒe ave dodowo le.


Nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye ketɔwo dzii, eye nye towo se ale si wonya avuzi le nye futɔ vɔ̃ɖiwo dzii.


nye Mawu lɔlɔ̃tɔ. Mawu adze ŋgɔ nam, eye ana makpɔ dziɖuɖu ƒe dzidzɔ ɖe nye ketɔwo dzi.


Eɖem tso nye xaxawo katã me, eye nye ŋkuwo kpɔ ale si woɖu nye futɔwo dzii.


Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu ku le nu si dzɔ ɖe edzi ta eye vɔvɔ̃ ɖo ɣedzeƒetɔwo.


Gake ne mekli nu la, woƒoa ƒu koa nu hahaha, eye ne mele vo me la, futɔwo va ɖea to ɖem. Woɖea alɔme le ŋunye madzudzɔmadzudzɔe.


Wò futɔwo katã ke woƒe nuwo baa ɖe ŋuwò, woɖua fewu eye woɖua aɖukli ɖe ŋuwò be, “Míemi eya amea agbagbe. Esiae nye ŋkeke si míele mɔ kpɔm na, enyo be míele agbe kpɔ eteƒe.”


Ekema mianya be, nye Yehowa mese vlodoamenya siwo katã miegblɔ tso Israel ƒe towo kple togbɛwo ŋuti. Miegblɔ be, “Wozu gbegbe, eye wotsɔ wo na mí be míaɖu.”


Aƒetɔ Yehowa be, ‘Metsɔ nye ŋuʋaʋã ƒe dzo bibi ƒo nu ɖe dukɔ mamlɛawo kple Edom ŋu, elabena wotsɔ dzidzɔ kple ta me vɔ̃ ɖoɖo wɔ nye anyigba wo tɔe, ale be woaha eƒe lãnyiƒewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite