Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:11 - Agbenya La

11 Ènɔ tsitre nɔ nu kpɔm esi amedzrowo va lɔ eƒe kesinɔnuwo eye dzronyigbadzitɔwo ge ɖe eƒe agbowo me hedzidze nu ɖe Yerusalem dzi. Wò hã èle abe wo dometɔ ɖeka ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Gbemagbe èle eteƒe; esi amedzrowo ɖe aboyo eƒe aʋakɔwo ɖzoe gbemagbe, du bubu me towo ge ɖe eƒe agbowo me, eye wodzidze nu ɖe Yerusalem dzi la, wò hã ènye wo dometɔ ɖeka.

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:11
13 Referans Kwoze  

O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi, gbe si gbe wogbã Yerusalem. Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi, migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!”


gake Tebes dze anyi, woɖe aboyo emenɔlawo, eye wotsɔ wo viwo ƒe ta xlã ɖe kpe le mɔtatawo dzi. Wodzidze nu ɖe eƒe bubumewo dzi, eye wode kɔsɔkɔsɔ eƒe amegãwo katã.


“Wodzidze nu ɖe nye dukɔ dzi eye woma nye amewo. Wotsɔ ŋutsuviwo ɖɔli gbolowoe eye wotsɔ nyɔnuviwo na ɖe wain si woano amu ta.


Ne èkpɔ fiafitɔ la, èwɔa ɖeka kplii, eye nèdea ha kple ahasitɔwo.


Ke aʋafia Nebuzaradan ɖe aboyo dua me tɔ mamlɛawo, kple ame siwo si yi Babilonia fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea.


Wotsɔ tameɖoɖo ɖeka de adaŋu, eye wobla ɖe ŋuwò,


ame siwo le Edom ƒe agbadɔwo me, Ismaelitɔwo, Moabtɔwo, Hagritɔwo,


“Elabena ègblɔ be, ‘Dukɔ eve kple anyigba eve siawo anye mía tɔwo, eye míaxɔ wo’ togbɔ be nye, Yehowa, menɔ afi ma hã.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Gaza ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe aboyo nye ameha gã aɖe, eye wòdzra wo kluviwoe na Edom.


Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Le Tiro ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eda le nubabla si le eya kple Israel dome la dzi, eye wòdze edzi, wɔ aʋa kplii hekplɔe yi ɖe kluvinyenye me le Edom.


Woaxɔ woƒe dada ƒe fetu, elabena woɖu fewu le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe dukɔ ŋuti.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite