Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:10 - Agbenya La

10 Le esi nèsẽ ŋuta le nɔviwò Yakob ŋuti ta la, ŋukpe alé wò eye woatsrɔ̃ wò gbidii.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Le ŋuta, si nesẽ le noviwò Yakob ŋu ŋuti la, ŋukpe anyẽ atsyɔ wò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee.

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:10
30 Referans Kwoze  

Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Le Edom ƒe nu vɔ̃ gbogboawo ta la, nyematsɔ wo akee o, elabena eɖe Israel ɖe nu kple yi, eye wòlé dziku ɖe dɔ me ɖikaa, hegbe be yemakpɔ nublanui nɛ o.


Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖika, eye amewo maganɔ wò duwo me o. Ekema ànya be, nyee nye Yehowa.’


Èɖe eƒe ɖekakpuimeŋkekewo dzi kpɔtɔ, eye nètsɔ ŋukpe tsyɔ nɛ abe avɔ ene. Sela


Ale Esau lé fu nɔvia Yakob ɖe eƒe yayra si fofoa tsɔ nɛ la ta. Egblɔ na eɖokui be, “Esusɔ vie fofonye naku, ekema mawu Yakob.”


O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi, gbe si gbe wogbã Yerusalem. Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi, migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!”


Ekema nye futɔ akpɔe eye ŋu akpee. Eya ame si bia be, “Afi ka Yehowa wò Mawu la le?” Azɔ mekpɔ eƒe anyidzedze kple nye ŋkuwo kple ale si woanyamae abe ba ene.


Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe elabena wowɔ vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋuti, eye wokɔ ʋu maɖifɔwo ɖi le du mawo me.


Woatsyɔ konyifavɔ, eye woado ŋɔdzi abe awu ene, ŋukpe anɔ mo na wo, eye woalũ ta na wo.


O, Edom vinyɔnu, tso aseye, wò ame si le Uznyigba dzi. Gake wòe woatsɔ kplu la ade asi na, amu wò eye woaɖe ama wò.


“Wodo ŋukpe mí elabena wodzu mí eye ŋukpe tsyɔ míaƒe mowo, elabena amedzrowo ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe teƒe kɔkɔewo.”


Yehowa be, “Meta ɖokuinye ƒe agbe be, Bozra azu aƒedo, ŋɔdzinu, ŋunyɔnu kple ɖiŋudonu eye eƒe duwo katã azu aƒedo tegbetegbee.”


Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi. Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu la ŋu, míawo kple mía fofowo siaa, tso míaƒe ɖekakpuime va se ɖe egbe sia, míeɖo to Yehowa, míaƒe Mawu la o.”


Matsɔ ŋukpe ado na eƒe futɔwo, ke fiakuku si anɔ eƒe ta la, anɔ keklẽm.”


Nunyetsolawo ado vlododo abe awu ene, eye wòata ŋukpe abe avɔ ene.


Tawòe wodo vlom ɖo, eye ŋukpe tsyɔ mo nam.


Ke Yakob gblɔ na dadaa be, “Enyo pɛ, gake fonye Esau to fu ɖe ŋuti, ke nye la, nye ŋutigbalẽ zrɔ̃.


Ke migado vlo Edomtɔwo kple Egiptetɔwo ya o. Mia nɔviwoe nye Edomtɔwo, eye mienɔ Egiptetɔwo dome kpɔ.


Edomtɔwo gava dze Yuda dzi eye woɖe aboyo ameawo


Yayra anye fiakuku anɔ ame dzɔdzɔe ƒe ta ke ŋutasesẽ yɔa ame vɔ̃ ƒe nu me.


Egiptetɔwo ƒe dzidzimevi siwo va kpli mi la kpɔ mɔ age ɖe Yehowa ƒe Kɔkɔeƒe la.”


Ame si ɖea alɔme le ame dahe ŋuti la doa vlo woƒe Wɔla eye ame si kpɔa dzidzɔ be dzɔgbevɔ̃e dzɔ la, womagbe tohehe nɛ o.


Ale Yehowa gblɔe nye si, “Ke hena nye aƒelika vɔ̃ɖi siwo xɔ domenyinu si metsɔ na nye dukɔ Israel sesẽtɔe la, maho wo le woƒe anyigbawo dzi eye maho Yuda ƒe aƒe la le wo dome.


O, Zion vinyɔnu, wò tohehe awu enu, wò aboyomenɔnɔ magadzi ɖe edzi o. Gake O, Edom vinyɔnu ahe to na wò nu vɔ̃wo eye wòaɖe wò vɔ̃ɖinyenye ɖe go.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite