Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Obadia 1:1 - Agbenya La

1 Ŋutega si Obadia kpɔ. 1 Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ tso Edom ŋutie nye esi: Míese gbe tso Yehowa gbɔ be, wodɔ dɔla aɖe be wòagblɔ na dukɔwo be, “Mitso, mina míaho aʋa ɖe Edom ŋu!”

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Obadya ƒe ŋutega. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe Edom ŋu enye si: Míese nya tso Yehowa gbɔ, eye woɖo du ɖe dukɔwo dome be: Mitso, ne míaho aʋa ɖe wo ŋu!

Gade chapit la Kopi




Obadia 1:1
28 Referans Kwoze  

Egipte azu aƒedo eye Edom azu gbegbe elabena wowɔ vɔ̃ ɖe Yudatɔwo ŋuti, eye wokɔ ʋu maɖifɔwo ɖi le du mawo me.


Togbɔ be woƒe amegãwo le keke Zoan, eye woƒe ame dɔdɔwo ɖo Hanes ke hã la,


Esiae nye Mawu ƒe nyagblɔɖi ɖe Duma ŋu. Ame aɖe yɔm tso Seir be, “Gbetakplɔla, zã gbɔ tsɔa? Gbetakpɔla zã gbɔ tsɔa?”


O! Yehowa, ɖo ŋku nu si Edomtɔwo wɔ la dzi, gbe si gbe wogbã Yerusalem. Wodo ɣli be, “Mimui ƒu anyi, migbãe, va se ɖe eƒe gɔmeɖokpewo dzi ke!”


Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Ame si gbãa agbowo la adze ŋgɔ na wo eye woato agboawo me ado go. Woƒe fia adze ŋgɔ na wo eye Yehowa anye woƒe kplɔla.”


Ne nyawo le ɖiɖim le anyigba dzi, ƒe sia me miese be ale, eye ƒe kemɛ me wobe ale, ne miese ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo alo miavɔ̃ o.


Edom, Moab kple Amon;


Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe.


Gbetakpɔla ɖo eŋu be, “Esusɔ vie ŋu nake, gake zã agado ake. Nya si nèdi be yeabia la, biae, gake gatrɔ gbɔ.”


Esau bia Yakob be, “Nɔvinye, dɔ le wuyem vevie. Na wò akplẽdzĩ aɖem maɖu.” Esia ta wona megbeŋkɔe be “Edom” si gɔmee nye “Akplẽdzĩ.”


Ale Esau, ame si wogayɔna be Edom la yi ɖanɔ tonyigba dzi le Seir.


Esau ƒe dzidzimeviwo, Edomtɔwo, ame siwo wodzi nɛ le Seir to dzi la ƒe ŋkɔwo yi ale:


Yehowa ƒe nya va nam be,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite