Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 9:5 - Agbenya La

5 Womena ŋusẽ wo be woawu wo o, ke boŋ be woawɔ funyafunya wo dzinu atɔ̃. Ale fukpekpe si me woto la nɔ abe ale si ame si ahɔ̃ te la sea vevee ene.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye wona ŋusẽ wo be, woagawu wo o, ke boŋ bene woawo fu wo ɣleti atɔ̃ sɔŋ; eye woƒe fuwɔwɔ la le abe dziɖegbe ƒe ametete ƒe fuwɔame ene.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 9:5
12 Referans Kwoze  

Asiketiwo kple tiwo le wo si abe ahɔ̃wo tɔ ene, eye ŋusẽ le woƒe asiketiwo me be woawɔ funyafunya amewo hena ɣleti atɔ̃.


Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ŋutɔ. Kpɔ ɖa, ele asiwò me, gake mègaka asi eƒe agbe ya ŋu o.”


Ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe do go tso dzudzɔ la me va anyigba dzi, eye wòna ŋusẽ wo be woawɔ nu abe ahɔ̃ siwo le anyigba dzi la ene.


Wona ŋusẽe be wòawɔ aʋa kple ame kɔkɔeawo, eye wòaɖu wo dzi. Nenema ke wona dziɖuɖuŋusẽe ɖe to sia to, ƒome sia ƒome, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple dukɔ sia dukɔ dzi.


Wona nu lã wɔadã la be wòagblɔ adegbeƒonyawo kple busunyawo, eye be wòaɖu dzi hena ɣleti blaene-vɔ-eve.


Azɔ ne wowu woƒe ɖaseɖiɖi nu la, lã si ado tso ʋe globo la me la ava wɔ avu kpli wo, aɖu wo dzi, eye wòawu wo.


Yesu gblɔ nɛ be, “Màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o, eya ta ame si kplɔm vɛ na wò la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò.”


“Le esia megbe la, mekpɔ lã bubu wònɔ nye ŋkume. Lã sia ɖi lãkle. Aʋala ene nɔ dzime nɛ abe xevi ƒe aʋalawo ene. Lã la to ta ene eye wona ŋusẽe be wòaɖu fia.


Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi. Nye ya mawɔe wòagakpe ɖe edzi. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti, ke nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.’ ”


Ewɔ ɖe ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ dzi eye wògblɔ be, “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe; nye ya mana kɔkuti la nagakpe wu. Fofonye ƒo mi kple ameƒoti; nye ya maƒo mi kple ahɔ̃.”


Eye wò la, ame vi, mègavɔ̃ woawo ŋutɔ loo alo woƒe nyawo o, togbɔ be dza kple aŋɔkawo ƒo xlã wò kpe ɖo, eye nèle ahɔ̃wo dome hã. Mègavɔ̃ nya si woagblɔ, eye mègana woado ŋɔdzi na wò o, togbɔ be wonye aglãdzelawo hã.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite