Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 7:7 - Agbenya La

7 wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Simeon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Levi ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Isaka ƒe to la me,

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 le Simeon ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu: le Lewi ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Isaxar ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu;

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 7:7
14 Referans Kwoze  

Lea ƒe viŋutsuwo: Ruben, Yakob ƒe viŋutsu tsitsitɔ, Simeon, Levi, Yuda, Isaka kple Zebulon.


Simeon ƒe hlɔ̃metɔwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa eve (22,200).


Yuda ƒe viwo gblɔ na Simeon ƒe viwo be, “Miva kpe ɖe mía ŋu míanya ame siwo le anyigba si woma na mí la dzi ɖa eye míawo hã míakpe ɖe mia ŋu mianya mia tɔwo ɖa.” Ale Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ yi ɖakpe ɖe Yuda ƒe viwo ŋu.


Israelvi si wowu kple Midian ɖetugbi la ŋkɔe nye Zimri si nye Salu, ame si nye Simeon ƒe to la ƒe kplɔla aɖe la ƒe viŋutsu.


Woxlẽ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, eye woate ŋu ade aʋa le Simeon ƒe dzidzimeviwo dome la ƒe ŋkɔwo ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒewo nu.


Ame siwo nye ƒometatɔ na Levi ƒe ƒome la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo le woƒe tsitsi nu. Gerson, Kohat kple Merari. Levi nɔ agbe ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-adre (137).


“Simeon kple Levi ƒe nɔnɔme sɔ. Wonye ame siwo wɔa sesẽnu kple nu madzɔmadzɔ.


Lea na ŋkɔe be Isaka si gɔmee nye “Fetu,” elabena egblɔ be, “Mawu tu fe nam, elabena metsɔ nye kosivi na srɔ̃nye wòɖe.”


Egafɔ fu, eye wògadzi ŋutsuvi. Ena ŋkɔe be Levi si gɔmee nye “Kuku ɖe ame ŋu,” elabena egblɔ be, “Azɔ ya la, esi medzi ŋutsuvi etɔ̃ sɔŋ nɛ ta la, srɔ̃nye alɔ̃m kokoko.”


To enelia si wona anyigbae lae nye Isaka ƒe viwo ƒe ƒomewo.


Simeon ƒe viwo nye to evelia si wona anyigbae. Yuda ƒe viwo ƒe anyigba ƒe akpa aɖe ge ɖe Simeon ƒe viwo tɔ me.


Ede ka eƒe tedzivi ɖe wainti nyuitɔ ŋu, eye wònya eƒe awuwo le wain me.


wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Aser ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Naftali ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Manase ƒe to la me,


wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Zebulon ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Yosef ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Benyamin ƒe to la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite