Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 7:4 - Agbenya La

4 Emegbe la, mekpɔ ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000) eye wo katã wotso Israel ƒe toawo me.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye mese amesiwo nu wotre la ƒe xexlẽme — wotre ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene nu le Israel-viwo ƒe toawo katã me:

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 7:4
17 Referans Kwoze  

Kasia mekpɔ Alẽvi la le ŋkunyeme. Enɔ tsitre ɖe Zion to la dzi, eye ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo ƒe ŋgowo nu woŋlɔ eŋkɔ kple Fofoa tɔ ɖo la nɔ tsitre ɖe egbɔ.


Tete wodzi ha yeye le fiazikpui la ŋgɔ kple nu gbagbe eneawo kpakple amegãxoxoawo ƒe ŋkume. Ame aɖeke mete ŋu srɔ̃ ha la o, negbe ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000), ame siwo woɖe tso anyigba dzi la ko.


Miaɖu nu, ano nu le kplɔ̃ ŋu kplim le fiaɖuƒe ma me. Hekpe ɖe esia ŋu la, mianɔ fiazikpuiwo dzi adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe tokɔ wuieveawo.”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Vavã mele egblɔm be, nenye be Nye, Amegbetɔ Vi la, menɔ anyi ɖe nye fiazikpui dzi le nye fiaɖuƒe me le ŋutikɔkɔe gã me la, ekema miawo hã mianɔ fiazikpui wuieve dzi, adrɔ̃ ʋɔnu Israel ƒe to wuieveawo,


Nu sia ke ko Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake Fia Agripa, le nye ya gome la, Yudatɔwo le nunye tsom be enye nu vɔ̃ mewɔ.


Asrafo siwo do sɔ la ƒe xexlẽme anɔ miliɔn alafa eve (200,000,000). Nye ŋutɔ mekpɔ woƒe xexlẽme.


Nye, Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe ame siwo kaka ɖe xexea me godoo: Mele gbe dom na mi katã.


Ke Yesaya gblɔ tso Israeltɔwo ŋu be, “Togbɔ be wole abe ƒutake ene hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe akpɔ ɖeɖe.


woatsɔ Israel ƒe towo ƒe ŋkɔwo na du la ƒe agbowo. Anyiehegbo etɔ̃awo anye Ruben ƒe agbo, Yuda ƒe agbo kple Levi ƒe agbo.


Yehowa ƒe nya tsi tsitre ɖe Hadraknyigba ŋu, eye ava Damasko hã dzi, elabena Yehowa ƒe ŋku le amewo kple Israel ƒe toawo katã ŋu.


Dua me dɔwɔlawo, ame siwo ade agble ɖe edzi la atso Israel ƒe toawo katã me.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: “Esiawoe nye liƒo siwo anɔ anyigba siwo miama na Israel ƒe to wuieveawo ƒe domenyinyi la ŋu, eye miana anyigba eve Yosef.


Yehowa kplɔ Abram va xexe le ɣletiɖiɖi nu, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ dziƒo ɖa, eye nàxlẽ ɣletiviawo, ne àte ŋu axlẽ wo ko. Nenema tututue wò dzidzimeviwo anɔ; ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o!”


Kpeawo katã nanɔ wuieve, ɖe sia ɖe ɖe Israel ƒe viŋutsuwo ƒe ŋkɔ nu. Woaɖe Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi ɖekaɖeka abe ŋkɔsigɛ ene.


Wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Yuda ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Ruben ƒe to la me, wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Gad ƒe to la me,


“Togbɔ be dɔla la wɔ esia hã la, egblɔ be, ‘Aƒetɔ wowɔ se si nède la dzi, gake nɔƒe gali.’


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite