Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Nyaɖeɖefia 6:4 - Agbenya La

4 Tete sɔ bubu do go va; ebiã, eye adã le mo nɛ. Wona ŋusẽ edola be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, eye wòana amewo nawu wo nɔewo. Ale wotsɔ yi gã aɖe de asi nɛ.

Gade chapit la Kopi

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye so bubua ɖe, si le dzie la, do go, eye amesi doe la, wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bena woawu wo nɔewo, eye wotso yi gã ɖe asi nɛ.

Gade chapit la Kopi




Nyaɖeɖefia 6:4
17 Referans Kwoze  

Sɔ dzĩwo le tasiaɖam gbãtɔ hem, eye sɔ yibɔwo le tasiaɖam evelia hem.


“Migabu xaa be meva be mahe ŋutifafa va anyigba dzi o. Nyemeva be mahe ŋutifafa vɛ o, ke boŋ yi metsɔ vɛ,


“Ne ame aɖe ayi aboyo me la, aboyo mee wòayi. Ne woawu ame aɖe kple yi la, yie woatsɔ awui.” Esia hiã na dzigbɔɖi le dzidodo me kple nuteƒewɔwɔ le ame kɔkɔeawo ƒe akpa dzi.


Mekpɔ be nyɔnu la mu ame kɔkɔewo kple ame siwo ɖi ɖase le Yesu ŋuti la ƒe ʋu. Esi mekpɔe la, nye mo wɔ yaa.


Mekpɔ ŋutega le zã me, eye le ŋutega la me la, mekpɔ ŋutsu aɖe wònɔ sɔ dzĩ aɖe dom. Sɔdola la tsi tsitre ɖe amitive aɖe me le bali aɖe me. Sɔ dzĩ, sɔ hẽ kple sɔ ɣi bubuwo nɔ emegbe.


Tete mawudɔla la kɔm le gbɔgbɔ me yi gbedzi. Afi ma mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe lã dzĩ aɖe dzi, esi ŋu busuŋkɔwo le la. Lã la to ta adre kple dzo ewo.


Emegbe la, dzesi bubu gadze le dziƒo: ʋɔ driba gã dzẽ aɖe si to ta adre, dzo ewo, eye fiakuku adre le tawo nɛ la va do.


Yesu gblɔ nɛ be, “Màte ŋu akpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye nenye be womena wò tso dziƒo o, eya ta ame si kplɔm vɛ na wò la ƒe nu vɔ̃ sɔ gbɔ wu tɔwò.”


Le teƒe kɔkɔ si Mawu nae ta la, amewo katã kple dukɔwo katã kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe gblɔlawo vɔ̃nɛ eye wobunɛ. Ame siwo fia la di be yeawu la, ewua wo. Ame siwo wòdi be yeana woatsi agbe la, enana wotsia agbe. Ame siwo wòdi be yeado ɖe ŋgɔ la, edoa wo ɖe ŋgɔ. Ame siwo wodi be yeabɔbɔ ɖe anyi la, ebɔbɔa wo ɖe anyi.


O! Yehowa, tso, kpe akɔ kpli wo, he wo ƒu anyi, eye tsɔ wò yi nàɖem le ame vɔ̃ɖiwo ƒe asi me.


Ne miese be aʋa dzɔ le afi aɖe, eye aʋaɣliwo le ɖiɖim la, migaɖi vo alo avɔ̃ o, elabena esia mefia be nye vava alo nuwuwu la ɖo o. Nu siawo adzɔ, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite